Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 16:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Xlẽ kwasiɖa adre; ne wode asi nukuwo xaxa me la, nadze wo xexlẽ gome

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 “Ne èdze wò nukuwo xaxa gɔme, eye kɔsiɖa adre va yi la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 16:9
11 Referans Kwoze  

Ɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, si enye lu gbãtɔwo ŋeŋe ƒe ŋkekenyuie la; emegbe naɖu avaɖoɖoŋkekenyuie le ƒe la ƒe nuwuwu.


Ne èdze nusiwo nèƒã ɖe agble me la ŋeŋe gɔme la, naɖu ŋkekenyuie, eye ne eƒo wò agblemenuwo nu ƒu ɖe ava me le ƒe la ƒe nuwuwu me la, ekema nagaɖu ŋkekenyuie.


Eye esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ afi ɖeka.


Eyata ele na mí bena, míalé to ɖe nusiwo miese la ŋuti geɖe wu, bene miagato eŋuti ayi o.


Ke matsi Efeso yiɖase Pentekoste dzi.


eye wosa vɔ le ŋkeke sia ŋkeke ƒe kɔa nu, le dzudzɔgbewo, dzinu yeyewo kple ŋkekenyuiewo dzi, zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, le abolo maʋamaʋã ŋkekenyuiewo, le kwasiɖawo ŋkekenyuiewo kple agbadɔŋkekenyuiewo dzi le Mose ƒe se la nu.


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


Emegbe naɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, eye nana nusi su asiwò la faa, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yra wò nèkpɔe ene.


Ale wòlé eɖokui ɖe Boas ƒe dɔlanyɔnuwo ŋu hele efɔfɔ dzi, vaseɖe esime lu kple ƒo ŋeŋe la wu enu, eye wònɔ lɔ̃xoa gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite