Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Womakpɔ amɔwɔ ʋaʋãa ɖeke le wò anyigba blibo la dzi ŋkeke adre sɔŋ o, eye lã, si nèwu le ŋkeke gbãtɔ ƒe fiẽ la, ɖeke matsi anyi ŋu nake ɖe dzi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Mègana amɔʋãtike aɖeke nanɔ wò aƒe me le ŋkeke adreawo me o. Gawu la, mègana Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe lã la ƒe akpa aɖeke natsi anyi ŋu nake ɖe edzi o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 16:4
9 Referans Kwoze  

Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megagblẽ ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalã ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Migagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye esi tsi anyi ŋu ke de dzi la, mitɔ dzoe.


Abolo maʋamaʋã miaɖu ŋkeke adre sɔŋ, eye womekpɔ abolo ʋaʋã alo amɔwɔ ʋaʋã le wò anyigba katã dzi o.


Ŋkeke adre sɔŋ mianɔ abolo maʋamaʋã ɖum; tso ŋkeke gbãtɔ dzi ke miaɖe amɔwɔ ʋaʋã ɖa tso miaƒe xɔwo me, elabena amesi ke agaɖu abolo ʋaʋã tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke adrelia dzi la, woaɖee ɖa le Israel-viwo dome.


Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.


Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.


Eye miadzrae ɖo vaseɖe ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, eye Israel-viwo ƒe ha blibo la nawui le fiẽ me.


Megatsɔ nye vɔsalã ƒe ʋu sa vɔe le afisi amɔwɔ ʋaʋã le o, eye megadzra nye ŋkekenyuievɔsalã ƒe ami ɖi ŋu nake ɖe edzi o.


Mèkpɔ mɔ awu lã hena ŋutitotoŋkekenyuie la le wò du sia du, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la me o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite