Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.
Megawɔ alea na Yehowa, wò Mawu la o, elabena ŋunyɔnu, siwo katã Yehowa lé fui la, eya wowɔna na woƒe mawuwo; wotɔa dzo wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo gɔ̃ hã na woƒe mawuwo.
Eyata mikpɔ nyuie, ne miagaŋlɔ nusi Yehowa, mia Mawu bia kpli mi la be o, eye migawɔ legba alo nusiwo Yehowa, wò Mawu, tsri na mi la, ƒe nɔnɔmea ɖeke na mia ɖokui o.
Ne miedzi viwo kple tɔgbuiyɔviwo, eye anyigba ma ɖo na mi, eye miewɔ vɔ̃ hewɔ legba alo nua ɖe ƒe nɔnɔme, eye miewɔ nusi medze Yehowa, mia Mawu, ŋu o hedo dɔmedzoe ne la,