Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 16:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Megado Asera-tia ɖeke ɖe Yehowa, wò Mawu, ƒe vɔsamlekpui, si nadi la gbɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Mègaɖi aƒeli aɖeke ƒomevi ɖe Yehowa, wò Mawu la ƒe vɔsamlekpui la gbɔ, aɖi gbɔ̃e gbeɖegbeɖe o,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 16:21
10 Referans Kwoze  

Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo na Baalwo, ewɔ Aserawo, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo.


Woɖe asi le Yehowa, woƒe Mawu ƒe sewo katã ŋu, eye wokɔ legbawo, siwo nye nyivi eve, wowɔ Aserawo, eye wode ta agu na dziƒonuwo katã, eye wosubɔ Baal.


Egagbugbɔ nuxeƒe, siwo fofoa Xizkiya gbã la tu, eɖi vɔsamlekpuiwo na Baal, eye wòwɔ Asera, abe alesi Israel-fia Axab wɔ ene, eye wòde ta agu na dziƒonuwo katã hesubɔ wo.


Ke boŋ mímu woƒe vɔsamlekpuiwo, migbã woƒe legbawo, eye milã woƒe Aseratiwo ƒu anyi.


Axab wɔ Asera hã. Eye Axab wɔ nu geɖe hetso do dziku na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, wu Israel-fia, siwo katã nɔ ŋgɔ nɛ.


Yehowa asi Israel, eye woaʋuʋu, abe alesi aƒla ʋuʋuna le tɔ me ene, eve woaɖe Israel ɖa le anyigba nyui sia, si wotsɔ na wo fofowo la dzi, eye wòaka wo ahlẽ ɖe tɔsisi la godo, elabena wowɔ Aserawo hetsɔ do dziku na Yehowa.


Eye Israel-viwo wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, woŋlɔ Yehowa, woƒe Mawu la be, eye wosubɔ Baalwo kple Aserawo.


Ke boŋ ale miawɔ wo enye si; Mimũ woƒe vɔsamlekpuiwo, eye migbã woƒe legbawo, milé woƒe Asera-tiwo ƒu anyi, eye mitɔ dzo woƒe aklama kpakpɛwo.


Migawɔ legba na mia ɖokui o, migawɔ aklama kpakpɛ alo aƒeli na mia ɖokui o, eye migatsɔ kpe kpa nɔnɔme aɖo miaƒe anyigba dzi, be miaɖe ta agu nɛ o; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Eye wòtsɔ Asera ƒe legba, si wòwɔ la, ɖo aƒe la me, aƒe, si ŋu Yehowa gblɔ le na Dawid kple via Salomo be: Matsɔ nye ŋkɔ aɖo aƒe sia me kple Yerusalem, si metia le Israel-toawo katã me la tegbee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite