Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 16:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo ɖe du siwo katã Yehowa miaƒe Mawu le mia nam la me. Woadrɔ̃ ʋɔnu le dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe me.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 16:18
22 Referans Kwoze  

Amesiawo dometɔ akpe blave vɔ ene nanɔ Yehowa xɔ la ƒe dɔ nu, eye ame akpe ade nanye dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo;


Wotsɔ Kenanya, amesi tso Yizhar viwo dome la, kple viawo ɖo dɔwɔwɔ nu le Israel, wonye dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.


ekema wò ame tsitsiwo kple wò ʋɔnudrɔ̃lawo nado ayi, eye woadzidze ame kuku la kple du, siwo ƒo xlãe la dome.


Ke ne amea ɖe sẽ to ɖe nunɔla, si le Yehowa, wò Mawu, subɔm le afima, kple ʋɔnudrɔ̃la ŋu, eye meɖo to wo o la, ekema woawu ame la; eye woaɖe vɔ̃ la ɖa le Israel dome,


eye nabia ta le nunɔla, siwo nye Lewitɔwo kpakple ʋɔnudrɔ̃la, si li le ɣemaɣi la gbɔ, eye woagblɔ afiatsonya na wò.


ekema eƒe aƒetɔ nakplɔe ava Mawu ƒe ŋku me, atsɔe aɖo ʋɔtru nu alo ʋɔtrutiwo gbɔ, eye eƒe aƒetɔ naŋɔ to nɛ kple nuŋɔnui, be wòasubɔe tegbee.


Miese wogblɔ na blematɔwo bena: Megawu ame o; ke amesi ke awu ame la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.


Ke nye la mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃; eye amesi ke agblɔ na nɔvia bena takukutɔ la, adze daŋudede gã, eye amesi ke agblɔ bena lã la, adze dzomavɔʋemeyiyi.


Amesiame nana nusi su esi, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yrae ene.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Eye wova me, esime Samuel tsi la, etsɔ viaŋutsuwo ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe Israel nu.


Eye wò Ezra ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo le wò Mawu ƒe nya, si le asiwò la nu, ne woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ, si katã le tɔsisi la ƒe go keme dzi, amesiwo katã nya wò Mawu ƒe seawo, eye amesi ke menya wo o la, mifia woe.


Wonyaa srɔ̃a, ne eya kple anyigba dzi ame tsitsiwo wole ʋɔnuɖrɔ̃ƒe.


Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Ne ŋutsuwo le dzre wɔm, eye wotutu nyɔnu funɔa ɖe ƒu anyi, ke vɔ̃a ɖeke mewɔe o, negbe fua koe ge le eƒo la, ekema nyɔnua srɔ̃ naxa fe le esi, abe alesi ʋɔnudrɔ̃lawo ɖo ene.


Ne dzre dzɔ ɖe ŋutsuwo dome la, ekema woava ʋɔnu, eye woadrɔ̃e na wo; woatso afia na amesi ƒe nya dzɔ, eye wòabu fɔ amesi ƒe nya medzɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite