Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 16:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Emegbe naɖu kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie, eye nana nusi su asiwò la faa, abe alesi Yehowa, wò Mawu, yra wò nèkpɔe ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 àgaɖu ŋkekenyui bubu le Yehowa, wò Mawu la ŋkume. Ŋkekenyui sia ŋkɔe nye Kɔsiɖawo ƒe Ŋkekenyui. Le ŋkekenyui sia dzi la, ele be nàwɔ lɔlɔ̃nuvɔsa si asɔ kple yayra si Yehowa, wò Mawu la kɔ ɖe dziwò le agblemenuku siwo nèxa la ƒe agbɔsɔsɔ nu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 16:10
22 Referans Kwoze  

Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Eye meɖo aɖaŋu le esia me; elabena esia nyo na mi amesiwo meto ewɔwɔ gɔme ɖeɖeko o, ke boŋ edidi hã, anɔ ƒe ɖeka enye esi.


Amea ɖe menya nu o, avee, eye wòatrɔ adzo ahagblẽ yayra ɖe megbe, ne woatsɔ asa nuɖuvɔ kple nunovɔ na Yehowa, mia Mawu la.


Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ agbagba madzemadzee.


Eye adzɔ, si woɖe le alẽawo ŋu na Yehowa la, le alẽ alafa ade blaadre vɔ atɔ̃.


Eye naxɔ ame alo nyi, tedzi alo alẽ ɖekaɖeka tso wo ame alafa atɔ me le aʋawɔla, siwo de aʋa la, tɔ ŋu ahawɔ adzɔe na Yehowa.


Ke ne exɔla mele ame la si o, gake eya ŋuta kpo nu wòsɔ gbɔ, ale bena woate ŋu axa eƒe nua la,


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa alo ahɔnevi eve vɛ; ɖeka woawo numevɔsae, eye ɖeka woawo nuvɔ̃vɔsae, eye nunɔla nalé avu nɛ, ekema eŋu kɔ.


Ke ne mate ŋu ana alé o la, ekema wòatsɔ akpakpa eve alo ahɔnevi eve asa vɔe na Yehowa ɖe eƒe vo, si wòda heɖi fɔ la ta; wòatsɔ ɖeka asa nuvɔ̃ŋutivɔe, eye woatso evelia asa numevɔe.


Elabena ne edzilɔlɔ̃ le la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.


Eye Israel-viwo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa, amesiwo lɔ kple dzi faa la, tsɔ nunanawo vɛ na Yehowa, bena woatsɔ awɔ dɔ, si Yehowa de se na Mose, be wòawɔ la.


Xlẽ kwasiɖa adre; ne wode asi nukuwo xaxa me la, nadze wo xexlẽ gome


Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.


Emegbe miabu kwasiɖa dedie adre tso ŋkeke, si dze dzudzɔgbe yome la dzi, gbesigbe mienyã lubablawo;


Gbesigbe mieŋe nu gbãtɔwo, eye mietsɔ nuɖuɖu yeyewo sa vɔ na Yehowa le miaƒe kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie dzi la, enye takpegbe kɔkɔe na mi, miawɔ asinudɔa ɖeke o.


elabena ameka menye, eye ameka nye dukɔ la nye, be, miekpɔ ŋusẽ hena nu faa alea? Elabena nuwo katã tso gbɔwò, eye asiwò me miexɔ wo le hetsɔ na wò.


Eye wotsɔ Kore, Yimna vi, si nye Lewi-vi, eye wònye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi la, ɖo nusiwo wona faa la nu, ne woatsɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔwo kple nu kɔkɔeawo nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite