Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 15:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena Yehowa, wò Mawu, ayra wò, abe alesi wòdo ŋugbe na wò ene, ale be nado agbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ màdo nugbana o, aɖu amegã ɖe dukɔ geɖewo dzi, ke woawo maɖu amegã ɖe dziwò o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Yehowa miaƒe Mawu ayra mi abe ale si wòdo ŋugbe ene. Miado ga na dukɔ geɖewo, gake mahiã gbeɖegbeɖe be miawo ya miado ga o! Miaɖu dukɔ geɖewo dzi, gake woawo ya maɖu mia dzi o!

Gade chapit la Kopi




5 Mose 15:6
14 Referans Kwoze  

Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.


Ame vɔ̃ɖi la doa nugbana, eye mexenɛ o; ke ame dzɔdzɔe la vea ame nu, eye wonae nu ame.


Fia sẽŋuwo nɔ Yerusalem, wokpɔ ŋusẽ ɖe anyigba siwo katã le tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe gome la dzi, eye wona nudzɔdzɔ kple adzɔ kple mɔtaho wo.


Eyata nètsɔ wo de asi na woƒe ketɔwo, eye woxaxa wo ɖo; woɖo ɣli na wò le woƒe xaxaɣi la me, eye nèsee le dziƒo heɖo xanametɔwo na wo le wò nublanuikpɔkpɔ gã la nu, amesiwo ɖe wo tso woƒe ketɔwo si me.


Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


Evea ame nu ɣesiaɣi, eye wòdoa nugbana, eye viawo zua yayra.


Eɖu fia ɖe fiawo katã dzi tso tɔsisi la nu vaseɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi kple Egipte-liƒowo ŋu.


Ado nu na wò, ke wò la màdo nugbana nɛ o; atrɔ zu ta, ke wò la azu asike.


ɖeko se Yehowa, wò Mawu la ƒe gbe, eye nalé se, siwo katã mede na wò egbe la me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


eyata lɔ̃, ne nayra wò dɔla ƒe aƒe, ne wòanɔ ŋkuwò me tegbee, elabena ne wò Yehowa nèyra la, yayra la nɔa anyi tegbee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite