Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 15:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 negbe eƒe ʋu ko mèkpɔ mo aɖu o, ke boŋ naɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 15:23
12 Referans Kwoze  

Negbe ʋu koe miekpɔ mɔ aɖu o, ke boŋ miaɖuɖui ɖe anyigba abe tsi ene.


Ke zi ɖokuiwò dzi, be nagaɖu ʋu o, elabena ʋu la luʋɔe, eye mekpɔ mɔ aɖu luʋɔ kple lã siaa o;


Miekpɔ mɔ aɖu xe alo lãfɔneewo ƒe mũ le mia nɔƒewo katã o.


Eyata gblɔ na wo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miele lã kple ʋu ɖum, mieto mo te ɖe miaƒe legbawo ŋu, eye miele ʋu kɔm ɖi tso, hafi miehe, anyigba la nanye yewo taa?


Eye aʋakɔ la dze aboyonuawo dzi, wòlé alẽwo, nyiwo kple nyiviwo hetso ʋu wo ɖe anyigba, eye aʋakɔ la ɖu lã, si ƒo ʋu.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Hafi lã, si ʋu tsi lã me na la, migaɖui o!


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Migaɖu nusi me ʋu le o. Migaka afã o, eye migasa dzo o.


Eye wova gblɔe na Saul bena: Kpɔ ɖa, aʋakɔ la wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu heɖu lã, si ƒo ʋu! Tete wogblɔ bena: Mieda ƒu; numli kpe gãa ɖe vɛ nam fififi!


Ke ekpɔ mɔ awu lã, siwo Yehowa, wò Mawu, yra wò nekpɔ la, aɖu le wò duwo katã me alesi dze ŋuwò, eye amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu ko la, kpɔ mo aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene.


ke natsɔe akɔ ɖe anyigba dzi abe tsi ene boŋ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite