Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 15:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ɖo ŋku edzi bena, wò hã ènye kluvi kpɔ le Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa, wò Mawu, xɔ wò ƒle, eyata mede se sia na wò agbea ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Miɖo ŋku edzi be mienye kluviwo le Egiptenyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, miaƒe Mawu la ɖe mi! Eya tae mele se sia dem na mi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 15:15
17 Referans Kwoze  

Ɖo ŋku dzi be, enye kluvi kpɔ le Egipte; lé ɖoɖo siawo me ɖe asi, eye nawɔ wo dzi.


Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.


Ke mikɔ dome ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitso ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tso ke mi le Kristo me la ene.


bena mienɔ anyi le ɣemaɣi me Kristo menɔ mia si o, eye míenye ame tutɔwo na Israel ƒe dumetɔnyenye la kple amedzrowo na ŋugbedodo la ƒe nubablawo, eye mɔkpɔkpɔa ɖeke menɔ mia si o, eye Mawu hã menɔ mia si le xexeame o.


Mi amesiwo tia dzɔdzɔenyenye yome, mi amesiwo dia Yehowa la, miɖo tom! Miɖe ŋku ɖe agakpe, si wotsɔ wɔ mi, kple vudoʋe, si me woɖe mi tsoe.


Nyee nye Yehowa wò Mawu, si kplɔ wò tso kluvinyenyeƒe me le Egipte-nyigba dzi.


amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!


amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu,


ke boŋ natsɔ wò alé, wò bli kple wò wein, siwo me Yehowa wò Mawu yra wò le la, ado agba, nɛ.


Ke ne egblɔ na wò bena, yemadzo le gbɔwò o, metɔwo miaɖu wo le Yehowa, wò tɔwo, eye gbɔwò nanɔ dze ye ŋu la,


Dukɔ ka le anyigba dzi de wò dukɔ Israel nu, anyigba dzi dukɔ, si ɖeɖe ko mawua ɖe va ɖe, be wòatsɔ awɔ eƒe dukɔ, ne wòaɖe ŋkɔ eɖokui ŋu, eye wòawɔ nu gã kple ŋɔdzinuwo, be wòanya dukɔwo kple woƒe mawuwo le wò dukɔ, si nèɖe tso Egipte na ɖokuiwò la ŋgɔa?


Yehowa be: Eyata, kpo ɖa, ŋkekewo li gbɔna, esi womagagblɔ azɔ be, yewotà Yehowa, amesi kplɔ Israel-viwo tso Egipte-nyigba dzi la ƒe agbe o;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite