13 Eye ne èɖe asi le eŋu wodzo le gbɔwò la, megana wòayi asi gbɔlo o;
13 Mègana wòayi asi ƒuƒlu o!
Maɖi ʋɔnu ɖe mia ŋu, eye manye ɖasefo zãzɛ ɖe dzotɔwo kple ahasitɔwo, atam dzodzro kalawo kple amesiwo ŋea fetu ɖe eme na dɔwɔlawo, ɖe amesiwo tea ahosiwo, tsyɔ̃eviwo kple amedzrowo ɖe anyi, eye wogbem vɔvɔ̃ la ŋufi; Yehowa Zebaot ye gblɔe.
Baba na amesi le eƒe xɔ tum le madzɔmadzɔnyenye me, eye eƒe dziƒoxɔ le vɔ̃ɖinyenye me, amesi nana ehavi wɔa dɔ ne yaka, eye mexea eƒe dɔwɔfe nɛ o;
Mi aƒetɔwo la, miwɔ nusi dzɔ, eye wòsɔ la, na miaƒe dɔlawo, esi mienyae bena, Aƒetɔ li na miawo hã le dziƒo la ta.
Eye mana Egipte-tɔwo nave dukɔ sia nu, bena ne miele dzodzo ge la, miayi asi gbɔloe o;
Ɖe menye tɔgbuinyewo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu, si Isak hã vɔ̃na lae, nɔ anyi kplim o la, anye ne ado mɔm asi ƒuƒlui: gake Mawu kpo nye fukpekpe kple nye agbagbadzedze la, eyata wòtso afia nam etso ƒe zã, si va yi.
Ne noviwò, Hebri-ŋutsu alo Hebri-nyɔnu, tsa eɖokui dzra na wò la, ekema wòasubɔ wò ƒe ade, ke le ƒe adrelia me la, naɖe asi le eŋu woadzo le gbɔwò.
ke boŋ natsɔ wò alé, wò bli kple wò wein, siwo me Yehowa wò Mawu yra wò le la, ado agba, nɛ.