Ale woatsɔ fe ake enye si: Ne amea ɖe ɖo nu na nɔvia la, wòatsɔ fe la ake, mekpɔ mɔ ali fe ehavi alo nɔvia o, elabena Yehowa na be, woaɖe gbe ƒã be, woatso fe ake.
Le ƒe adre megbe la mia dome amesiame naɖe asi le nɔvia Hebritɔ, si tso eɖokui ƒle nɛ la ŋuti; nesubɔ wò ƒe ade, emegbe nade asi le eŋu wòadzo le gbɔwò. Ke mia fofowo meɖo tom o, eye womeƒu to anyi o.