Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 14:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 eye nano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple wò ami ƒe ewolia kpakple wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ la, ne nanya alesi nava Yehowa, wò Mawu lae ɣesiaɣi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

23 Mitsɔ agblemenukuwo ƒe ewolia sia va ɖu le Yehowa, mia Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia abe eƒe kɔkɔeƒe ene. Nu siawoe nye miaƒe bli, wain yeye, ami kple miaƒe alẽwo kple nyiwo ƒe ŋgɔgbeviwo. Nu ewolia nana ƒe taɖodzinue nye be, miatsɔ teƒe gbãtɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le miaƒe agbenɔnɔ me.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 14:23
12 Referans Kwoze  

Eye megaŋlɔ gbesigbe netsi tre ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le Xoreb gbɔ la be o, esime Yehowa gblɔ nam be: Ƒo dukɔ la nu ƒu nam, bena wòase nye nyawo, ne wòanya, alesi woavɔ̃m, ŋkeke alesi wole agbe le anyigba dzi, eye woafia wo wo viwo.


Mitsɔ miaƒe wɔ gbãtɔwo tɔ tatali ahana; eya nanye adzɔ tso miaƒe lu, siwo mieƒo la me.


Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya!


Yehowa vɔvɔ̃ enye nunya ƒe gɔmetoto; amesiwo katã léa eme la, gɔmesese nyui sua wo si; eƒe kafukafu li tegbee.


Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.


Mibu Yehowa Zebaot kokoe, eye eya nenye vovɔ̃ kple ŋɔdzi na nu.


woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite