Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 14:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Migaɖu lã kukua ɖeke o, gake miekpɔ mɔ atsɔe na amedzro, si le wò du me la wòaɖu, alo nadzrae na du bubu me tɔwo; elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 “Migaɖu naneke si ku le eɖokui si o, Ke amedzro si le mia dome la ate ŋu aɖui. Miate ŋu atsɔe nɛ alo adzrae nɛ, gake miawo ŋutɔ ya migaɖui o, elabena mienye dukɔ kɔkɔe na Yehowa, miaƒe Mawu la. “Migaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 14:21
19 Referans Kwoze  

Tsɔ wò agblemenu gbãtɔ, siwo ʋã la, va Yehowa, wò Mawu la, ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


Wò agblemenu gbãfa, siwo nèƒã la, natso ava Yehowa, wò Mawu ƒe me. Megaɖa gbɔ̃vi le dada ƒe notsi me o.


elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la, eye Yehowa tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, ne nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Mekpɔ mɔ aɖu lã kuku alo lã, si nu lé o, ava gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa!


Ne duamevi alo amedzrovia ɖe ɖu lã kuku alo lã, si nu lé la, ekema wòanyã eƒe avɔwo, eye wòale tsi, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; emegbe eŋu kɔ.


Tete megblɔ bena: Ao, Aƒetɔ Yehowa, kpɔ ɖa, nyemegblẽ ko ɖo na ɖokuinye kpɔ o, nyemeɖu lã kuku alo lã, si nu vuvu la, tso nye ɖevime vaseɖe egbe o, eye lã ƒaƒã mede nye nu me kpo o!


elabena woŋlɔ bena: „Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.“


Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.


ke boŋ la miaŋlɔ na wo bena, woatsri trɔ̃wo ƒe ɖiƒoƒo kple ahasiwɔwɔ kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu.


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.


Eye mianye; nunɔlawo ƒe fiaduƒe kple dukɔ kɔkɔe nam! Esiawo nye nya, siwo nagblɔ na Israel-viwo.


Amesi ɖu kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ; amesi tsɔ kukua la, nanyã eƒe avɔwo, eye eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ.


Elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa, wò Mawu la; Yehowa, wò Mawu, tia wò tso dukɔwo katã dome le anyigba dzi, bena nanye eya ŋutɔ ƒe dukɔ.


Ke miekpɔ mɔ aɖu xe, siwo katã ŋu kɔ.


Lã kukuwo katã kple lã, siwo nu lé, eɖanye xe alo lãfɔnee o la, nunɔlawo mekpɔ mo aɖui o.


Ame kɔkɔewo míenye nam. Eyata migaɖu lã, si nu lé le gbe me la o; ke boŋ mitsɔe ƒu gbe na avũwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite