Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 dukɔ, siwo ƒo xlã mi ƒe mawuwo, eɖanye esiwo te ɖe mia ŋu, alo esiwo le adzɔge tso mia gbɔ o, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 migalɔ̃ o, eye migakpɔ nublanui nɛ hã o. Migaɖee tso to si woahe nɛ la me o, eye migaɣla nya vɔ̃ɖi si wògblɔ na mi la hã o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 13:8
13 Referans Kwoze  

Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o!


Megakpɔ eta o, ke natutu ame maɖifɔ ƒe ʋu ɖa le Israel dome, bena wòanyo na wò.


Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò.


Viwo, mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le trɔ̃wo ŋuti!


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Mawu bubua ɖeke megunɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.


eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


Ne nɔviwòŋutsu, si nye dawòvi, viwòŋutsu alo viwònyɔnu, srɔ̃wo, si le gbɔwò, alo xɔwo, si nèlɔ̃na abe ɖokuiwò ene, able nu wò le adzame be: na miayi aɖa subɔ mawu bubu, siwo wò ŋutɔ kple fofowòwo mienyã o,


Yehowa aka wò ahlẽ ɖe dukɔwo katã dome, tso anyigba ƒe go ɖeka vaseɖe go keme, eye àsubɔ mawu bubu, siwo nye ati kple kpe, eye mia kple fofowòwo mienyã o la, le afima.


Wosa vɔ na trɔ, siwo menye mawuwo o, kple mawu, siwo womenya o, kpakple nu yeye, siwo meli tsã o, nusiwo ŋu mia fofowo medzi ŋɔ le o.


Eye Israel-viwo yi dzi wɔ nusi medze Yehowa ŋu o, eye wosubɔ Baalwo kple Astarot, Aramtɔwo ƒe mawuwo, Zidontɔwo ƒe mawuwo, Moabtɔwo ƒe mawuwo, Amon-viwo ƒe mawuwo kple Filistitɔwo ƒe mawuwo, ke wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite