Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 13:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 ekema di nya la gɔme, eye nabia eta tsitotsito. Eye nenye nyateƒee be, wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le mia dome la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 ekema ele be miaho aʋa ɖe du ma ŋu. Miwu dua me tɔwo kple lãwo katã hã. Migbã du la gudugudu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 13:15
17 Referans Kwoze  

eye Yehowa, wò Mawu, tso wo de asi na wò nèɖu wo dzi la, ekema, natsrɔ̃ wo gbidigbidi, megabla nu kpli wo o, eye megave wo nu o.


Ke ne amea ɖe ko eƒe nua ɖe ŋu hetsɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa ɖikaa, eɖanye ame, lã alo agble, si wotso nyi domee o la, womadzrae o, eye womaxɔe kple ga hã o, elabena nusianu, si wotsɔ ɖe adzɔgbe ɖikaa la, nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wònye na Yehowa.


Megate amedzro ɖe anyi o eye megasẽ ŋuta le eŋu o; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.


Eye dzo ewo, siwo nèkpɔ kple lã la, woawo alé fu gbolo la, eye woawɔe aƒedo, eye woaɖe amamae, eye woaɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ.


Eye Israel-ŋutsuwo trɔ ɖe Benyamin-viwo ŋu, eye wowu nusianu, si wokpɔ le dua me la, kple yi, amewo kple lãwo siaa, eye wòta dzo du, siwo katã wokpɔ la.


Eye wòtɔ dzo du la kple nusiwo katã le eme, negbe klosalo kple sika, akɔblinuwo kple gayibɔnuwo ko wotsɔ va nudzraɖoƒe le Yehowa ƒe me.


Atsrɔ̃ dukɔ, siwo katã Yehowa, wò Mawu, tsɔ de asi na wò la; megakpɔ wo ta o, eye megasubɔ woƒe mawuwo o, elabena woava nye mɔ̃ aɖe wò.


Miexɔ eƒe duwo katã le ɣemaɣi me, eye mietsrɔ̃ du sia du, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple vidzĩewo gbidigbidi, eye míena amea ɖeke tsi agbe ahayi sisi ge o.


ekema megade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye megawɔ nusiwo wowɔna la o; ke boŋ nagblẽ wo, eye nagbã woƒe legbawo.


Midze Yehowa, mia Mawu yome, eye nuvɔ̃e, milé eƒe sewo me ɖe asi, eye miɖo to eƒe gbe, misubɔe, eye miku ɖe eŋu.


ŋutsu yakamea ɖewo tso mia dome, eye woble duametɔwo gblɔ bena: mina miayi aɖasubɔ mawu bubu, siwo mienyã o la,


eye wògblɔe na wò nèse la, ekema ɖi nya la gɔme tsitotsito, eye nenye nyateƒee wowɔ nua, eye wowɔ ŋunyɔnu sia le Israel la,


Eye Benyamin-viwo se bena, Israel-viwo ho va Mizpa. Eye Israel-viwo bia bena: Mito, alesi nu vlo sia va mee!


Ke aboyomeawo wɔ nenema, eye wotia nunɔla Ezra kple ŋutsu, siwo nye aƒekɔwo ƒe tatɔwo le woƒe aƒekɔwo nu, amesiame kple eƒe ŋkɔ; eye wodi ʋɔnu le dzinu ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi be, woadzro nya la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite