Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 12:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 elabena miekpɔ va gbɔɖemeƒe, eye miexɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge la haɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 elabena se siawo mebla mi haɖe o va se ɖe esime miaɖo dzudzɔƒe si Yehowa miaƒe Mawu ana mi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 12:9
12 Referans Kwoze  

Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.


ale be meke atam le nye dziku me be: Ne woahade nye gbɔdemeƒe la fi!


Ne Yehowa, wò Mawu, na nèkpɔ gbɔdzɔe tso wò futɔ, siwo katã ƒo xlã wò si me le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge wòanye wò domenyinu dzi la, ekema tsrɔ̃ Amalek ŋkɔ da le dziƒoa te. Megaŋlɔe be o!


Mitso miadzo! Elabena afi menye mia nɔƒe o; le nu makɔmakɔ wɔwó ta woatsɔ gbegblẽ, si teƒe mekɔ o la, agblẽ mi.


Elabena Dawid gblɔ be: Esi Yehowa, Israel ƒe Mawu la, na gbɔdzɔe eƒe dukɔ, eye wole Yerusalem no ge tegbee la,


vaseɖe esime Yehowa nana gbɔdzɔe mia nɔviwo abe miawo ke ene, eye woaxɔ anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le wo na ge le Yordan ƒe go keme dzi, hafi mia dome amesiame nagbugbɔ ava anyigba, si mena mi la dzi.


Eye Yehowa ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye ka atam bena, nyematso Yordan ayi anyigba nyui, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge, wòanye wò domenyinu la dzi o;


Migawɔ, abe alesi miele wɔwɔm le afisia fifia la ene o, ne amesiame nawɔ nusi dze eŋu o;


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dukɔ, si susɔ tso yi nu la, kpɔ amenuveve le gbea dzi. Tso nakplɔ Israel ayi gbɔɖemeƒee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite