Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 12:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ne teƒe, si Yehowa, wò Mawu tia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ, didi na wò akpa la, ekema wu wò nyi alo alẽ, si Yehowa na wò la, abe alesi mede se na wò ene, eye naɖui le wò du me, abe alesi nèdi ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Ne teƒe si miesubɔa Mawu le didi akpa la, ekema ɣe sia ɣi si mielɔ̃ la, miate ŋu awu nyi alo alẽ si Yehowa tsɔ na mi, eye miaɖu lã la le aƒe me abe ale si mede se na mi la ene.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 12:21
13 Referans Kwoze  

ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;


Eye Mawu, si na be, yeƒe ŋkɔ nana afima la, atsrɔ̃ fia sia fia kple dukɔ, si ado eƒe asi ɖa, be yeatsrɔ̃e, eye yeagblẽ mawuxɔ sia le Yerusalem la! Nye Dario ye ɖe sea, ele be, woawoe pɛpɛpɛ!


Ale fia Rexabeam li ke eɖokui, eye woɖu fia le Yerusalem. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa tia le Israel-toawo katã me, be wòatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu.


Rexabeam, Salomo vi, ɖu fia le Yuda. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa ba le Israel-toawo katã me, be yeatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu.


ekema tso wò agblemenu ɖesiaɖe ƒe ŋgɔgbea, si nèkpɔ le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge dzi la, ade kusi me, atso yi teƒe, si Yehowa, wò Mawu, le tiatia ge, be yeƒe ŋkɔ nana,


Eye mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me, kple amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le dowòme la, miakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nano la.


ke boŋ nawui le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nana; afima naɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le, le fiẽ, ne ɣe ɖo to, ɣeyiɣi, si dzi neʋu tso Egipte.


Ke ekpɔ mɔ awu lã, siwo Yehowa, wò Mawu, yra wò nekpɔ la, aɖu le wò duwo katã me alesi dze ŋuwò, eye amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu ko la, kpɔ mo aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


Tso anyi ɖi vɔsamlekpui nam, eya dzi natsɔ wò alẽwo kple wò nyiwo ame numevɔsa le, eye nasa, akpedavɔwo le Mava afisiafi, si meɖo be, woaɖo ŋku nye ŋkɔ dzi le la, eye mayra wò.


Ne Yehowa keke wò liƒo ɖe nu, abe alesi wòɖo ŋugbe na wò ene, eye nagblɔ bena: maɖu lã, le esi vɔ le wɔwòm ta la, ekema ekpɔ mɔ aɖu lã faa, abe alesi nèdi ene.


Ke woaɖui, abe alesi woɖua sẽ alo zi ene; amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu kɔ la siaa kpɔ mɔ aɖui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite