Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 12:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 ke boŋ nasa wò numevɔ le teƒe, si Yehowa atia ɖe wò toawo dometɔ ɖeka me, eye nawɔ nusiwo katã ŋu mede se le na wò la, le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 misa wo le teƒe si Yehowa ŋutɔ atia ko. Atia teƒe aɖe tso afi si woma na toawo dometɔ ɖeka la me. Afi ma ko miasa vɔ le, eye miatsɔ miaƒe nunanawo ayi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 12:14
24 Referans Kwoze  

Elabena Mawu enye amesi nɔ Kristo me lé avu le xexeame kple eɖokui dome, eye mebu woƒe vodadawo na wo o, eye wòtsɔ avulénya la de mia me.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;


Eyata mina miato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.


Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, megblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.


Etsrɔ̃a aʋatsokalawo; Yehowa tsria hlɔ̃me kple alakpatɔ.


Kpɔ nyuie, be nagatsɔ wò numevɔsa asa vɔe le teƒe sia teƒe, si nèkpɔ la o;


Ke ekpɔ mɔ awu lã, siwo Yehowa, wò Mawu, yra wò nekpɔ la, aɖu le wò duwo katã me alesi dze ŋuwò, eye amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu ko la, kpɔ mo aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene.


Ne dukɔ sia le Yerusalem yim, be woaɖasa vɔ le Yehowa ƒe me la, ekema dukɔ sia ƒe dzi atrɔ ɖe eƒe aƒetɔ Yuda-fia Rexabeam ŋu, eye woawum ahatrɔ ayi Yuda-fia Rexabeam gbɔ.


Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe wu nyi, alẽ alo gbɔ̃ le asaɖa la me alo le asaɖa la godo,


eye metsɔe va Mawu ƒe agbadɔ la nu, bena wòasa vɔ na Yehowa le Yehowa ƒe nɔƒe la nu o la, ekema ame la do hlɔ̃; ekɔ ʋu ɖi, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ la dome.


Ke boŋ mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me la, miaɖu wo ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me le nusiwo nètso wò asi wo dɔ kpɔ la ŋuti.


eye nano wò wein ƒe ewolia, eye naɖu wò bli kple wò ami ƒe ewolia kpakple wò nyi kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeawo le teƒe, si Yehowa, wò Mawu, atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ la, ne nanya alesi nava Yehowa, wò Mawu lae ɣesiaɣi.


ke boŋ mia kple aƒewò me tɔwo miaɖu wo le Yehowa, wò Mawu ŋku me ƒe sia ƒe le teƒe, si Yehowa atia.


Eye nawu alẽwo kple nyiwo le ŋutitotoŋkekenyuie la dzi na Yehowa, wò Mawu la, le teƒe, si Yehowa atia be, yeƒe ŋkɔ nanɔ.


Ne amewunya alo dzrenya, avuwɔnya alo nya bubua ɖe dodro sesẽ na wò le wò duwo me la, ekema tso nayi teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia,


Ne Lewitɔa ɖe tso Israel blibo la ƒe dua ɖe me, afisi wònye amedzro le, va la, ekpɔ mɔ ayi teƒe, si Yehowa atia la faa, abe alesi wòdi ene,


ne Israel blibo la va, be wòado ɖe Yehowa, wò Mawu ŋku me le teƒe, si wòatia la, ekema naxlẽ se sia ɖe Israel blibo la ƒe to me.


Eye Yosua tsɔ wo wɔ nakefɔlawo kple tɔmedelawo na ameha la kple Yehowa ƒe vɔsamlekpui la le teƒe, si tia ge wòala la, tso ŋkeke ma dzi vaseɖe egbe.


Nede megbe xaa tso mia gbɔ be, miadze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye míatrɔ le Yehowa yome egbe, aɖi vɔsamlekpui hena numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ahakpe ɖe Yehowa, mia Mawu ƒe vɔsamlekpui, si le eƒe nɔƒe nu la ŋuti.


Ne wò ŋkuwo nanɔ te ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli, ɖe teƒe, si ŋu nègblɔ le be: nye ŋkɔ anɔ afima la ŋu; eye nase gbe, si wò dɔla ado ɖa le teƒe sia.


Ke ne miegblɔ nam be: Yehowa, mia Mawu la ŋu miele dzi ɖom ɖo la, ekema ɖe menye eya ƒe nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo Xizkiya ɖe ɖa, eye wògblɔ na Yuda kple Yerusalem bena: Miɖe ta agu ɖe vɔsamlekpui sia ŋgɔ le Yerusalem oa?


Eye Dawid gblɔ be: Esia nye Yehowa Mawu ƒe aƒe, eye esia nye vɔsamlekpui ɖe Israel ƒe numevɔsa ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite