Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 12:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ke ne mietso Yordan, eye mietso aƒe ɖe anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mamã ge na mi dzi, eye wòna miekpɔ gbɔdzɔe tso miaƒe futɔ, siwo katã ƒo xlã mi la si me, eye mienɔ anyi bɔkɔɔ la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Ke ne mietso Yɔdan tɔsisi la heɖo ŋugbedodonyigba la dzi, eye Yehowa, miaƒe Mawu na dzudzɔ mi, eye wòna mievo tso miaƒe futɔwo katã ƒe asi me la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 12:10
27 Referans Kwoze  

Womaganye nuhaha na dukɔwo azɔ o, gbemelã magaɖu wo o, eye woanɔ anyi aɖe dzi ɖi, amea ɖeke maɖo voɖi na wo o.


afima wòase aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe, amesiwo le gbɔgblɔm be: Mikafu Yehowa Zebaot, elabena Yehowa ƒe dome nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee“ la ƒe gbe le; elabena magaɖo anyigba la te abe tsã ene, Yehowa ye gblɔe.


Ne mietso Yordan va anyigba, si Yehowa, mia Mawu, le mia na ge wòanye mia to la dzi, eye miexɔe wònye mia lɔ miele edzi la,


ke boŋ maku le anyigba sia dzi, eye nyemagatso Yordan o; ke miawo mitsoe, eye miaxɔ anyigba nyui sia wòanye mia tɔ.


De Pisga-to tame, eye natɔ kɔ dzi atsɔ wò ŋkuwo akpɔ ɣetoɖoƒe kple anyiehe, dziehe kple ɣedzeƒe gome ɖa; elabena mele Yordan sia tso ge o.


Le ɣeyiɣi geɖe megbe la woade se na wò! Le ƒewo ƒe nuwuwu la ayi anyigba, si vo tso yi si me la dzi, dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔ geɖewo dome wole Israel-to, siwo nye gbegbe eteƒe didi la dzi, dukɔ, si wokplɔ tso dukɔwo dome, eye wo katã woli ɖe dzi ɖi.


Mabia ŋutifafa ƒe nu kpli wo, eye matsrɔ̃ lã vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, ne woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ.


Woanɔ edzi bɔkɔɔ, eye woatu xɔwo ahade weingblewo; ne medrɔ̃ ʋɔnu amesiwo katã le vlo dom wo le goawo katã me la, woawo ano anyi bɔkɔɔ, eye wòadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu.


Kpɔ ɖa, maƒo wo nu ƒu atso anyigbawo katã dzi, afisi menyã wo ɖo ɖo le nye dɔmedzoe kple nye dziku kpakple nye nyanyrã gã me, magakplɔ wo ava teƒe sia, eye woanɔ anyi bɔkɔɔ,


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Ke amesi ɖoa tom la, anɔ anyi bɔkɔɔ, eye dzɔgbevɔ̃e ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le eƒo o.


Ede dzidzɔ nye dzi me wu wo le ɣeyiɣi, si me bli kple wein bɔ ɖe wo si.


Eye Samuel kɔ kpea ɖe ɖo Mizpa kple Sen dome, eye wòna ŋkɔe be Eben-Ezer hegblɔ bena: Afi Yehowa kpe ɖe mía ŋu va se ɖo!


Tete Ruben-viwo kple Gad-viwo kpakple Manase-viwo ƒe to afã bia akpa dze Israel-viwo ŋgɔ, abe alesi Mose gblɔ na wo ene.


Eye nunɔla, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, tɔ ɖe tsitre sesĩe le ƒuƒuiƒe le Yordan titina, vaseɖe esime dukɔ blibo la va Yordan godo.


Israel, si nye Yakob ƒe vudo la, anɔ aga dedie le anyigba, si dzi bli kple wein le, afisi zãmu dzana tso dziƒo ɖo.


Eye wògblɔ le Benyamin ŋu bena: Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe, anɔ egbɔ dedie, eya akpɔ edzi ɣesiaɣi, eye wòanɔ eƒe abɔta.


Israel, see, èle Yordan tso ge egbea, ne nayi aɖanyã dukɔ, siwo sɔ gbɔ, eye wosesẽ wu wò, eye naxɔ woƒe du, siwo lolo, eye wo ŋu gliwo kɔ ɖatɔ dziƒo la,


Eɖo ŋu bena: Nye ŋutɔ manɔ, me akplɔ mi ayi afisi miagbɔ ɖe eme le la.


Ale Yosua xɔ anyigba blibo la, abe alesi Yehowa gblɔ na Mose pɛpɛpɛ ene, eye Yosua mãe na Israel, to sia to kple etɔ, eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.


Woakafu Yehowa, amesi na gbɔɖeme eƒe dukɔ Israel pɛpɛpɛ, abe alesi wògblɔ ene; naneke meto le nya nyui, siwo katã wògblɔ to eƒe dɔla Mose dzi la me o.


Esia nye anyigba, si nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-viwo ƒe toawo ƒe amegãwo ma na Israel-viwo le Kanaan-nyigba dzi.


Yehowa, mia Mawu la, li kpli mi tso, eye wòna gbɔdzɔe mi godoo va kpe, elabena etsɔ anyigba la de asi nam, eye anyigbadzitɔwo na ta le Yehowa kple eƒe dukɔ la ŋku me.


agblɔ bena: Maho ɖe anyigba, si le nuvo la ŋu eye maƒo ɖe amesiwo li bɔkɔɔ, eye woɖe dzi ɖi la dzi, amesiwo li, eye gli, gameti kple agbo mele wo si o,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite