Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 12:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esiawo nye ɖoɖo kple se, siwo me míalé ɖe asi, eye miawo wo dzi ŋkeke alesi miele anyigba, si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, na mi, be wòanye mia to la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 “Esiawoe nye se siwo dzi wòle be miawɔ tegbetegbe ne mieva ɖo anyigba si Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la na mi la dzi.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 12:1
16 Referans Kwoze  

ne woavɔ̃ wò ŋkeke, siwo katã wole agbe le anyigba, si nètsɔ na mia fofowo la dzi.


Ɖe menye aʋa mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Eye ɖe eƒe ŋkekewo mele abe agbatedɔwɔla ƒe ŋkekewo ene oa?


Makafu Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; madzi kafukafuha na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.


Madzi ha na Yehowa, ŋkeke alesi mele agbe; maƒo saŋku na nye Mawu, ŋkeke alesi meli.


Kpɔ nyuie, be nagagblẽ Lewitɔ ɖi, ŋkeke alesi nèle agbe le wò anyigba dzi la o.


Esiawo nye ɖaseɖiɖi kple ɖoɖo kpakple se, siwo Mose gblɔna Israel-viwo, le esime woʋu tso Egipte,


eye megawu wò mo dzi akpɔ ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo kpakple dziƒonuwo, eye naɖu ɖokuiwò ade ta agu na wo ahayi wo subɔ ge o, elabena ɖe Yehowa, wò Mawu, tsɔ wona dukɔ, siwo katã le dziƒoa te la.


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


ekema milé se kple ɖoɖo, siwo medo mia ŋku me egbe la me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi.


Nye Yehowa, ye nye mia Mawu, mizɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye milé nye sewo me ɖe asi, ne miawɔ wo dzi;


Ɣemaɣi meɖe se na mi bena: Yehowa, mia Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne wòanye mia tɔ; mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israel-viwo ŋgɔ;


Eye Mose yɔ Israel blibo la gblɔ na wo bena: Israel, se ɖoɖo kple se, siwo gblɔ ge mala ɖe to me na mi egbea, misrɔ̃ wo, milé wo me ɖe asi, eye miwɔ wo dzi!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite