Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 11:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eyata miwo se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nana mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia to,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 eya ta wòle be miawɔ se siwo mele mia nam egbe la dzi pɛpɛpɛ ale be miate ŋu akpɔ ŋusẽ be miayi anyigba si dzi miele gege ge ɖo fifia, eye miaxɔe.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 11:8
19 Referans Kwoze  

Mlɔeba la, nɔvinyewo, mise ŋu le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me!


Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.


bene wòaɖi na mi le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔ la nu, bena wòado ŋusẽ mi to eƒe Gbɔgbɔ me le ememe la gome,


Eye wòde se na Yosua, Nun vi, gblɔ bena: Lé dzi ɖe ƒo, eye sẽ ŋu, elabena wòe akplɔ Israel-viwo ayi anyigba, si ŋu meka atam ɖo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ anyi kpli wò.


Gbesigbe meyɔ wò la, ètɔ nam, ède dzi ƒo nam, eye nèɖo ŋusẽ nye luʋɔ.


eye miatsi le sidzedze Mawu me, eye wòado ŋusẽ mi kple ŋusẽ katã lé eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋutete la nu hena dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu katã;


hegblɔ bena: Ame malɔ̃nugbɔa, megavɔ̃ o, ŋuwò nefa, sẽ ŋu, eye nalé dzi de ƒo! Eye esi wòƒo nu kplim, la, agbe do ŋunye, megblɔ bena: Nye aƒetɔ neƒo nu, elabena èdo ŋusẽm!


Esi nu do sɔ gbɔ ɖe asiwò, eye mèkɔ mo hesubɔ Yehowa, wò Mawu la faa tso dzi me o la,


ke ŋusẽ yeye ɖoa amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya ŋu, woɖoa li fu abe hɔ̃ ene, woƒua ɖu metia wo o, wòzɔa azɔli ɖeɖi metea wo ŋu o.


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Elabena mia ŋutɔwo miekpɔ nu gã, siwo Yehowa wo la, kple ŋku.


Eye Yehowa de se nam ɣemaɣi bena, mafia ɖoɖoawo kple seawo mi, ne miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔe wòanye mia tɔ la dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite