Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 11:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Ne mielé to ɖe se, siwo mede na mi egbe ŋu pɛpɛpɛ, eye mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye míesubɔe tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 “Ne miawɔ ɖe Yehowa ƒe se siwo katã mele mia na ge egbe la dzi pɛpɛpɛ, eye ne mialɔ̃ Yehowa, miaƒe Mawu la kple miaƒe dzi blibo kple miaƒe luʋɔ blibo, eye miasubɔe la,

Gade chapit la Kopi




5 Mose 11:13
16 Referans Kwoze  

Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;


Ne miedi Yehowa, mia Mawu, le afima la, míakpɔe, nenye be, miedi eyome mɔ tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me ko.


Eyata miwo se, siwo katã mede na mi egbe la dzi, bena ŋusẽ nana mia ŋu, eye miayi aɖaxɔ anyigba, si dzi yim miele, be miaxɔ la wòanye mia to,


ke boŋ miwo Yehowa, mia Mawu, ƒe sewo, eƒe ɖaseɖiɖiwo kple ɖoɖowo, siwo wògblɔ na mi la dzi.


Edo wò sededewo di, ne woalé wo me ɖe asi pɛpɛpɛ. Oo, ɖe ŋusẽ anɔ nye azɔlime ŋu, be malé ŋku ɖe wò ɖoɖowo ŋu!


Elabena ne miewɔ se, siwo katã meɖe na mi egbe, be miawɔ la dzi pɛpɛpɛ, mielɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, miezɔ eƒe mɔwo katã dzi, eye mieku ɖe eŋu la,


Ne mielé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu, eye miedzra nye seawo ɖo hewɔ wo dzi la,


Ne miese se siawo, mielé wo me ɖe asi, eye miewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, mia Mawu, awɔ nubabla kple nublanuikpɔkpɔ, si ŋu wòka atam ɖo na mia fofowo la dzi,


Eyata lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nawɔ eƒe nufiamewo kple ɖoɖowo, kɔnuwo kple sewo dzi ɣesiaɣi.


Ne eɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe pɛpɛpɛ, eye nèlé eƒe se, siwo katã meɖe na wò egbe la me ɖe asi hewɔ wo dzi la, ekema Yehowa, wò Mawu, atsɔ wò aɖo gã ɖe anyigba dzi dukɔwo katã nu.


Eye Salomo lɔ Yehowa hezɔ le fofoa Dawid ƒe ɖoɖowo nu; ke esa vɔ, eye wòdo dzudzɔ le nuxeƒewo.


Woayra amesiwo wɔa eƒe ɖaseɖiɖiwo dzi, amesiwo dinɛ tso dzi blibo me;


Yehowa be: Nenye be, mieɖo tom, mietsɔ agba ge ɖe ɖu sia ƒe agbowo me le dzudzɔgbe la dzi o, eye miekɔ dzudzɔgbe la ŋu, miewɔ dɔa ɖeke le edzi o la,


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


ekema mana tsi nadza na mi le edzaɣi, anyigba awɔ nu, eye agblemetiwo atse ku.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite