Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 11:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Elabena anyigba, sidzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la, mele abe Egipte-nyigba, si dzi nèʋu tso, afisi, ne éƒã nuku la, netsɔa afɔ troa mɔ̃ hedea sii abe amagbebɔ ene la ene o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

10 Anyigba si dzi miage ɖo, eye miaxɔ la, mele abe Egiptenyigba, afi si mietso, afi si wòhiã le be miadze tɔʋu suewo ɖe miaƒe agblewo me, ana tsi nato wo me hena miaƒe agblemenukuwo ƒe wɔwɔ ene o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 11:10
7 Referans Kwoze  

Eye ne Egipte-ƒome la meho va o la, ekema tsi madza na woawo hã o. Yehowa ƒe hiãkame ava dukɔ, siwo meva, be yewoaɖu agbaɖɔŋkekenyuie o la dzi.


eye mianɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na mia fofowo be, yeatsɔ na woa kple wo viwo la dzi, anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo.


ke boŋ towo kple gbadzaƒewo le anyigba, si dzi yim nèle, be naxɔe wòanye towo la dzi, eye wonoa tsi, si dza tso dziƒo;


Meɖe vudo heno tsia, eye metsɔ nye afɔƒome na Egipte-tɔsisiwo katã mie.


Eye mekplɔ mi va anyigba wɔnu dzi, be miaɖu eƒe kutsetsewo kple eƒe nu nyuiwo; ke miawo mieva hedo gu nye anyigba la, eye mietsɔ nye domenyinu la wɔ ŋunyɔnui.


Elabena Yehowa, wò Mawu, le kplɔ wò ge ava anyigba nyui, si dzi tɔʋuwo, vudowo kple tawo, siwo dzɔ tso towo dzi kple baliwo me le la dzi,


Wogbã eƒe agunusɔtiwo, eye agbatedɔwɔlawo katã le nu xam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite