Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 10:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eyata Lewi mexɔ gome kple domenyinu ɖeke kpe ɖe nɔviawo ŋu o, elabena Yehowa ŋutɔe nye eƒe domenyinu, abe alesi Yehowa, wò Mawu, do ŋugbe nɛ ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Eya ta womena anyigba Levitɔwo le Ŋugbedodonyigba la dzi abe ale si wona wo nɔvi to bubu me tɔwo ene o, elabena Yehowa, miaƒe Mawu gblɔ na wo be ye ŋutɔe nye woƒe domenyinu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 10:9
9 Referans Kwoze  

Woƒe domenyinu enye si. Nye ŋutɔe nye woƒe domenyinu; migana gomea ɖeke wo le Israel o, nye ŋutɔe nye woƒe gome.


Elabena Mose na anyigba to eve kple afã ɖe Yordan godo; ke mena anyigbaa ɖeke Lewi-viwo ɖe wo dome o.


Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.


Gome kple domenyinyia ɖeke mele nya sia me na wò o; elabena wò dzi medzo le Mawu ƒe ŋku me o.


eye mia kple mia viŋutsuwo kpakple mia vinyɔnuwo, miaƒe dɔlaŋutsuwo kple dɔlanyɔnuwo kpakple Lewitɔ, siwo le miaƒe du me, amesiwo mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe mia ŋu o la, míakpɔ dzidzɔ le Yehowa, mia Mawu, ŋku me.


Megagblẽ Lewitɔ, si le wò du me la ɖi o, elabena mexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o.


hena Lewitɔwo — elabena womexɔ gome alo domenyinua ɖeke kpe ɖe ŋuwò o — kple amedzro, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo, amesiwo le wò du me la, nakpɔ nu aɖu aɖi ƒo, ne Yehowa, wò Mawu, nayra wò le wò asinudɔ, siwo katã nèwɔna la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite