Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 10:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Fofowòwo le ame blaadre hafi va Egipte, ke azɔ la Yehowa, wò Mawu, na mèsɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Mia fofowo dometɔ ame blaadre koe yi Egipte, gake azɔ la, Yehowa, miaƒe Mawu la wɔ mi miedzi sɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziŋgɔli me ene!”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 10:22
14 Referans Kwoze  

Ŋutsuvi, siwo wodzi na Yosef le Egipte la, wole ame eve. Yakob vi, siwo katã va Egipte la, wole ame blaadre.


Yakob ƒe dzidzimeviwo katã le ame blaadre: ke Yosef ya tre Egipte vava.


Eye wòkplɔe yi ɖe xexe gblɔ nɛ bena: Kpɔ dziƒo ɖa, eye naxlẽ ɣletiviwo, ne ate ŋu axlẽ wo la. Eye wògblɔ nɛ bena: Nenema wò ƒome anɔ.


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Ena wo viwo sɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye nèkplɔ wo va anyigba, si ŋu nègblɔ le na wo fofowo be, woayi adaxɔe wòanye wo lɔ la dzi.


Eye miatrɔ zu ʋee, ɖe esi miasa gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene la teƒe, elabena meɖo to Yehowa, wò Mawu ƒe gbe o.


Eye Yosef do woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã, wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ ne.


Amesiwo wotia xlẽ le Israel-viwo me la, le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adre blaetɔ̃.


Eyata tso ame ɖeka, si ƒe vidzidɔ ku la me, dzidzime va dzɔ sɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ƒe agbɔsɔsɔ ene, eye abe ƒutake, si womate ŋu axlẽ o la ene.


Eye wotia ŋutsu, siwo xɔ dzinu ɖeka alo wu nenema la xlẽ, wole ame akpe blave vɔ etɔ̃. Ke wometia wo xlẽ ɖe Israel-viwo dome o, elabena womèna domenyinua ɖeke wo le Israel-viwo dome o.


eyata mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee.


Eye nagblɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me bena: Fofonye enye Aramtɔa ɖe, si de tsɔtsrɔ ge, eye wòʋu va Egipte; ame ʋeea ɖewo ko wonye henye amedzrowo le afima, ke wodzi ɖe dzi, eye wotrɔ zu dukɔ gã sẽŋua ɖe.


Yakob vi, siwo katã nu kplii yi Egipte, ne woɖe viaŋutsuwo srɔ̃wo le eme la, wole ame blaade vɔ ade.


Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, ana miasɔ gbɔ ɖe dzi zi akpe, eye wòayra mi, abe alesi wòdo ŋugbe na mi ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite