Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 10:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eyata milɔ̃ amedzro, elabena miawo hã míenye amedzrowo le Egipte-nyigba dzi kpo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

19 Ele be miawo hã mialɔ̃ amedzrowo, elabena miawo hã mienye amedzrowo le Egiptenyigba dzi kpɔ.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 10:19
12 Referans Kwoze  

Migate ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe anyi o.


Eyaŋuti esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.


Alo amesiwo atrɔ atsɔ bubu na Mawu la meli o, negbe amedzro sia ko mahã?


Gake milɔ̃ miaƒe ketɔwo, eye miwo nu nyui, miɖo nu, eye migakpɔ mo na exɔxɔ o, ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋitɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.


Megadi nyuie alo dzɔgbenyuie na wo le wò agbe me ŋkekewo katã me gbeɖe o.


Ne miedzidze nu ɖe edzi, be wòanye miaƒe domenyinu la, mibu amedzro, siwo le mia dome, eye wodzi viwo ɖe mia dome la abe Israel-viwo ƒe aƒeviwo ene; woaxɔ domenyinu kpe ɖe mia ŋu ɖe Israel ƒe toawo dome.


Eye to, si me amedzroa le la, afimae miana eƒe domenyinu: ɖo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Meganyɔ ŋu Edomitɔ o, elabena nɔviwò wònye, eye meganyɔ ŋu Egiptetɔ o, elabena ènye amedzro kpɔ le eƒe anyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite