Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 10:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena Yehowa, mia Mawu la, enye mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le, amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnua ɖeke o;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 “Yehowa, miaƒe Mawu lae nye mawuwo dzi Mawu gã, ŋusẽtɔ la, Mawu si ŋu ŋɔdzi le, ame si medea ame aɖeke dzi o, eye mexɔa zãnu hã o.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 10:17
33 Referans Kwoze  

Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.


Ke amesiwo wobuna bena, wonye nane la — ameka ke wonye o, nyemetsɔ ɖeke le eme o; Mawu mekpɔa ame ŋku me o — elabena nye la amesiwo wobuna be, wonye nane la, womegblɔ nyaa ɖeke fiam o;


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


Eya, amesi medea amegãwo dzi o, eye meɖia kesinɔtɔwo ƒe nya wua ame dahewo tɔ o, elabena wo katã la eƒe asinudɔwɔwɔ wonye.


Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Womegadzi ŋɔ na wò o, elabena Yehowa, wò Mawu, si nye Mawu gã, si ŋu vɔvɔ̃ le la, le dowòme.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Eye mi aƒetɔwo, miwo nusiawo tɔgbe ke na wo; midzudzɔ ŋɔdzidodo, esi miawo hã mienyae be, mia kpli wo siaa ƒe Aƒetɔ la le dziƒo, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele egbɔ o la ŋuti.


Mawu, Mawu Yehowa, Mawu, Mawu Yehowa ŋutɔe nyae, eye Israel hã nanyae: Nenye aglãe miehe, miadze, alo voe míebe, míada ɖe Yehowa ŋu la, ekema megaxɔ mi ɖe agbe egbe sia o!


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Fia la awɔ nusi dze eŋu, ado eɖokui ɖe dzi, eye wòatɔ asi akɔ ɖe mawu sia mawu ŋu, agblɔ ɖiŋudonyawo ɖe mawuwo dzi Mawu la ŋu, eye wòadze edzi nɛ, vaseɖe esime dziku la nu natso, elabena wole nusi woɖo la wó ge.


Woakafu wò ŋkɔ, elolo, ŋɔdzi le eŋu, eye wòle kɔkɔe.


gblɔ bena: Ao, Yehowa, dziƒo Mawu, wò Mawu gã, si ŋu ŋɔdzi le, amesi lea nubabla kple amenuveve me de asi na amesiwo lɔ̃nɛ, eye woléa eƒe seawo me ɖe asi la,


Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye


Teƒe, si miase kpẽ ƒe ɖiɖi le la, afima miakpe ta ɖe mía gbɔ ɖo; mía Mawu awɔ ana na mí!


Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o!


Eye ne mieyɔ amesi mekpɔ ame ŋku me o, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu ɖe amesiame ƒe dɔwɔwɔ nu la, ƒe ŋkɔ dzi abe Fofo ene la, ekema mizɔ le miaƒe amedzronyenye ƒe ɣeyiɣi la me le vɔvɔ̃ me;


Elabena amesi ke wɔa nu madzɔmadzɔ la, axɔ nu madzɔmadzɔ, si wòwɔ la ƒe fetu, eye ŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele eme o.


Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã?


esi dziɖula yayratɔ ɖeka, fiawo dzi fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ la aɖe fia le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi,


Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.


Migakpɔ ame ŋku me le ʋɔnudrɔ̃ƒe o, ke boŋ milé to ɖe ame gblɔewo kple ame gãwo ƒe nyawo ŋu, eye migasi amea ɖeke ŋku me o, elabena Yehowa tɔ enye ʋɔnudɔdrɔ̃; ke ne nyaa ɖe sesẽ na mi akpa la, ekema mitsɔe va gbɔnye, ne mase.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Megate amedzro kple tsyɔ̃evi ƒe nya ɖe to o, eye megaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.


Amesi na woɖae be, wòawu ame ahakɔ ʋu maɖifɔ ɖi la, aɖi eŋu! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.


Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu, wò amesi nɔa Kerubiwo dzi, wò ɖeka koe nye Mawu ɖe anyigba dzi fiaɖuƒewo katã dzi, wòe wɔ dziƒo kple anyigba.


Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.


wò amesi ve ame akpe nanewo nu, eye neɖo fofowo ƒe yodadawo teƒe ɖe akɔ me na wo viwo le wo megbe, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite