Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 10:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

16 eya ta mikɔ miaƒe nu vɔ̃ dziwo ŋu, eye miadzudzɔ kɔlialiatɔwo ƒe agbenɔnɔ.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 10:16
13 Referans Kwoze  

Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


eye nye hã metsi tre ɖe wo ŋu hekplɔ wo va woƒe futɔwo ƒe anyigba dzii la, me la, ne woƒe dzi masenuwo bɔbɔ, eye wokpɔ woƒe vodadawo tɔnua la,


amesi me wotso aʋa na mi le hã kple aʋatsotso, si menye asi wotsɔ tsoe o, to ŋutilã ƒe ame blibo la ƒe ɖeɖeɖa me le Kristo ƒe aʋatsotso me,


Eyata nyae bena, menye esi nènye ame dzɔdzɔe ta Yehowa, wò Mawu be, yeatsɔ anyigba nyui sia na wò wòanye tɔwo ɖo o, elabena dukɔ kɔlialiatɔ nènye.


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Elabena menya miaƒe tosesẽ kple kɔlialia. Kpɔ ɖa, ŋkeke alesi menɔ mia gbɔ la, miesẽ to ɖe Yehowa ŋu vaseɖe fifi; evɔ, ne meku ɖe?


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Mekpɔ dukɔ sia bena, dukɔ kɔlialiatɔ wònye.


Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, eye esia anye mia kple mia dome nubabla la ƒe dzesi.


elabena miekplɔ amedzro, siwo nye bolotɔwo, eye wometso dziʋa hã na wo o la vɛ, be woanɔ nye kɔkɔeƒe la, eye woagblẽ kɔ ɖo na nye aƒe la; eye mietu nye nubabla la hekpe ɖe miaƒe ŋunyɔnuwo katã ŋu, le esime mietsɔ nye nuɖuɖu, ami kple ʋu sa vɔe,


Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite