Elabena Yehowa, wò Mawu, yra wò asinudɔwɔwɔwo katã, enya wò mɔzɔzɔwo katã le gbe gã sia dzi, eye Yehowa, wò Mawu, li kpli wò ƒe blane sɔŋ, ale be naneke mehiã wò o.
Ɣeyiɣi, siwo katã miezɔ ma tso Kades-Barnea, vaseɖe esime míetso Sered-toʋua, le ƒe blaetɔ̃ vɔ enyi, vaseɖe esime aʋawɔlawo katã ku vo le asaɖa la me, abe alesi Yehowa ka atam na wo ene.