Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:44 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Tete Amoritɔ, siwo nɔ toawo dzi la, va kpe mi, eye wonyã mi, abe alesi anyiwo wɔna ene, eye woka mi hlẽ tso Seir vaseɖe Xorma.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

44 Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:44
7 Referans Kwoze  

Woƒo kɔ ɖe ŋunye abe anyiwo ene, eye wotsi ahe aŋɔkadzo ene, Yehowa ƒe ŋkɔ dzi matsrɔ̃ wo ɖa le.


Tete Amalekitɔwo kple Kanaanitɔwo, amesiwo le to sia dzi la, va si wo, eye woka wo hlẽ vaseɖe Xorma ke.


Eye woava me le ŋkeke ma dzi be, Yehowa ala aku ayɔ togbato, siwo le Egipte-tsiwo ƒe mlɔenu, kple anyi, siwo le Asur-nyigba dzi,


Eye Yehowa se Israel ƒe gbe, eye wotsɔ Kanaanitɔwo de asi, eye wotsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi, eye wona ŋkɔ teƒe la be: Xorma.


Aleke ame ɖeka ate ŋu anyẽ ame akpe, eye ame eve ale ŋu aɖe ame akpe ewo ɖe nu, ne menye woƒe agakpee tsɔ wo dzra, eye ne menye Yehowae tso wo de asi o?


Yehowa ana wò futɔwo nasi wò, mɔ ɖeka dzi nato aho aʋa ɖe wo ŋu, ke mɔ adre dzi nato asi le wo nu, ale bena natrɔ zu bibi na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã.


Eye Aitɔwo wu wo dome ame blaetɔ̃ vɔ ade, wonyã wotso agbo la nu vaseɖe kpeʋe la me, eye wòsi wo le aga la nu; tete dukɔ la ƒe dzi lolo zu tsi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite