Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:33 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 amesi zɔ mia ŋgɔ le mo dzi, be yeafia afisi miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi, amesi zɔ dzo me le zã me, be yeafia mɔ, si miato la mi, eye wòzɔ alilikpo me le ŋkeke me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

33 evɔ wònye eyae kplɔ mi le mɔzɔzɔ blibo la me, tia teƒe nyuitɔwo na mi be miaƒu asaɖa anyi ɖo. Ekplɔ mi kple dzo bibi le zã me kple lilikpo dodo le ŋkeke me.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:33
16 Referans Kwoze  

Eye woho tso Yehowa to la gbɔ hezɔ ŋkeke etɔ̃ ƒe mɔ, eye Yehowa ƒe nubablaɖaka la dze wo ŋgɔ ŋkeke etɔ̃, be woadi dzudzɔƒe na wo.


Ŋkeke me la etsɔ alilikpo kplɔ woe, eye le zã blibo la me la etsɔ dzo keklẽ.


Ekplɔ wo le ŋkeke me kple alilikpo dodo, eye le zã me kple dzo babla, ne nana mɔ, si woto la dzi nakɔ na wo.


Tete mefɔ kɔ dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ ŋutsua ɖe le dzidzeka ɖe asi.


gbemagbe mekɔ nye asi dzi na wo, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da di na wo la dzi, afisi notsi kple anyitsi bɔ ɖo; anyigba nyuitɔ wònye le anyigbawo katã dome.


Ekeke alilikpo tsyɔ wo dzi, eye wòna dzo na zã me kɔ.


Eye amesiwo see la, agblɔe na anyigba sia dzitɔwo bena: Wo Yehowa ŋutɔ ena dukɔ sia dome, èɖe ɖokuiwò ba wo wokpɔ kɔte, eye wò alilikpo nɔ wo dzi; wò Yehowa ŋutɔ ezɔ wo ŋgɔ le alilikpo dodoa ɖe me le ŋkeke me, eye nezɔ wo ŋgɔ le dzobibi me le zã me.


Wò mɔ le atsiaƒuwo me, wò toƒe le tɔ geɖewo me eye womedze si wò afɔʋeewo o.


Le fɔŋli la Yehowa le dzobibi kple alilikpo dodo me kpɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ dzi ɖa, eye wòtɔtɔ Egiptetɔwo ƒe aʋakɔ la.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dukɔ, si susɔ tso yi nu la, kpɔ amenuveve le gbea dzi. Tso nakplɔ Israel ayi gbɔɖemeƒee!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite