Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 kple alesi wòwɔ le gbedzi, afisi nèkpɔ le bena, Yehowa, wò Mawu, tsɔ wò kpa le mɔ blibo, si nèzɔ vaseɖe afisia la dzi abe alesi ŋutsu kpa viae ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Miawo ŋutɔ mienya ale si wòlé be na mí ɣe sia ɣi le gbedzi le afi sia, abe ale si fofo léa be na via ene!”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:31
18 Referans Kwoze  

Eye anɔ ƒe blane sɔŋ wòlé wo ɖe asi le wo nyim le gbeadzi.


Esi woxaxa woɖo hã la, hiãa ɖeke menɔ anyi o, elabena dɔla, si me woɖea eɖokui fiana lena la, xɔ na wo; eɖe wo le eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe tufafa ta, eye wòkɔ wo hetsɔ wo le blema ŋkekewo katã me.


Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee.


Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ dukɔ blibo sia o, elabena wole kpeyem akpa.


Dukɔ dzɔlã kple bometsila, ale nèle akpe da mi na Yehowa? Alo menye eya nye fofowò, si wɔ wò oa? Eya ŋutɔe wɔ wò, eye wòɖo wò te.


Xɔ na wò dukɔ, eye nayra wò domenyinu la, nyi wo, eye na tsa wo kpa ɖaseɖe mavɔ me!


Manɔ abe nusi mebia kple wo fofowo le gbesigbe melé woƒe alɔnu, be makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi, nubabla, si wotu, eye nye hã megbe wo la ene o, Yehowa ye gblɔe;


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Eyata nyae le wò dzi me bena, ɖe Yehowa le nu fiãm wò, abe alesi ŋutsu fia nunya via ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite