Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Yehowa, mia Mawu, dze mia ŋgɔ, eye awɔ aʋa na mi, abe alesi wòwɔ na mi le Egipte miekpɔ ene,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

30 Yehowa Mawue nye míaƒe kplɔla eye wòawɔ aʋa na mí kple eƒe nukumɔ triakɔwo abe ale si wòwɔ miekpɔ le Egipte ene.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:30
30 Referans Kwoze  

Yehowa le aʋa wo ge ɖe mia nu, ke miawo la mizi kpi ko!


Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Megavɔ̃ wo o, elabena Yehowa, mia Mawue le aʋa wɔm na mi!


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Eya la amegbetɔ ƒe abe li kplii, ke miawo la Yehowa, mia Mawu lae, li kpli mi, ne woakpe ɖe mia ŋu, eye wòawɔ miaƒe aʋawo. Tete dukɔ la ɖo ŋu ɖe Yuda-fia Xizkiya ƒe nyawo ŋu.


Eye wòna woƒe tasiaɖamfɔwo gli, ale be ŋgɔyiyi zu dɔ na wo. Tete Egiptetɔwo gblɔ bena: Mina miasi le Israel nu, elabena Yehowa le aʋa wɔm na wo ɖe Egiptetɔwo ŋuti.


Ke nyea megblɔ na mi bena: Dzidzi megaƒo mi o, eye migavɔ̃ o!


Eye ŋkekea ɖeke meɖo ŋgɔ nɛ alo va le emegbe de esia nu, esi Yehowa ɖo to amegbetɔ ƒe gbe o; elabena Yehowa wɔ aʋa na Israel.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusiwo Yehowa, mia Mawu la, wɔ dukɔ siawo katã le mia ŋgɔ, elabena Yehowa, mia Mawue, wɔ aʋa na mi.


Teƒe, si miase kpẽ ƒe ɖiɖi le la, afima miakpe ta ɖe mía gbɔ ɖo; mía Mawu awɔ ana na mí!


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Do wò asi ɖe dziƒo, bena viviti nado ɖe Egipte-nyigba blibo la katã dzi, ale bena woate ŋu ali asi viviti la ŋu.


Mia ŋutɔwo miekpɔ nusi mewo Egiptetɔwo, kple alesi metsɔ mi ɖe hɔ̃ ƒe aʋala wo dzi, eye mekplɔ mi va gbɔnyee.


Alo ɖe mawua ɖe te kpɔ be, yeava atsɔ ŋusẽ-nuwɔwɔwo kple dzesiwo, nukunuwo kple aʋawɔwɔ, asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kpakple nu klitsuwo aɖe dukɔ le dukɔwo dome na eɖokui, abe alesi Yehowa, mia Mawu, wɔ na mi le Egipte miekpɔ enea?


megavɔ̃ wo o, boŋ ɖo ŋku nusi Yehowa, wo Mawu, wo Farao kple Egipte blibo la dzi,


kple eƒe dzesiwo kpakple nutsuwɔwɔ, siwo wowu le Egipte, ɖe Egipte-fia Farao kple eƒe anyigba blibo la ŋu;


eye miekpɔ nutsuwɔwɔ, dzesi kple nukunu gã mawo.


eye Yehowa, wò Mawu ŋutɔ adze ŋgɔwò, atsrɔ̃ dukɔ siawo le ŋkuwò me, be naxɔ woƒe anyigba; Yosua adze ŋgɔwò, abe alesi wòdo ŋugbe ene.


amesi Yehowa ɖɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, be wòawɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba blibo la ŋu;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite