Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Afika gɔ̃ yi ge míala? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo gblɔ bena: Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzo atsu wu mi, duawo lolo, eye woɖo gli ɖe wo ŋu ɖatɔ dziƒo, eye míekpɔ Enak-viwo hã le afima.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Nu kae le míawɔ ge? Mía nɔvi ŋkutsalawo ƒe ɖaseɖiɖi do ŋɔdzi na mí. Wobe, ‘Anyigba la dzi tɔwo nye ame dzɔatsu sesẽwo, eye gli siwo woɖo ƒo xlã woƒe duwo la kɔ yi ɖatɔ dziŋgɔli! Wokpɔ ame dzɔatsu siwo nye Anak ƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã le afi ma.’ ”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:28
20 Referans Kwoze  

Wotsɔ Xebron na Kaleb, abe alesi Mose gblɔ ene, eye wònyã Enak vi elɔ̃awo le afima.


Eye Kaleb nyã Enakitɔ etɔ̃ Sesai, Aximan kple Talmai, amesiwo Enak ŋutɔ dzi la ɖa tso afima.


Ke nɔvinye, siwo ɖe kplim la, ɖe dzi le dukɔ la ƒo; gake nye la medze Yehowa, nye Mawu la yome blibo.


Enakitɔa ɖeke mekpɔtɔ ɖe Israel-viwo ƒe anyigba dzi o, negbe Gaza, Gad kple Asdod ko ɖewo susɔ ɖo.


Amevi, trɔ ŋgɔ dze Yerusalem, dudu nya ƒo ɖe kɔkɔeƒe la ŋu, eye nagblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu


Eyata asiwò katã ado agblɔ, eye amegbetɔwo ƒe dziwo katã alólo gbanaa.


Eye Yuda ho aʋa ɖe Kanaanitɔ, siwo nɔ Xebron la ŋu, — tsã la woyɔ Xebron bena Kiryat-Arba — eye woɖu Sesai, Aximan kple Talmai dzi.


Eye wogblɔ na Yosua bena: Nyateƒee, Yehowa tsɔ anyigba blibo la de asi na mí, elabena anyigbadzitɔwo hã le mía vɔ̃m.


Esi míesee la, dzi ɖe le mia ƒo, eye kalẽ megale amea ɖeke me ɖe mia ŋu o, elabena Yehowa, mia Mawu, enye Mawu le dziƒo afime kple anyigba dzi afi.


gblɔ na wo bena: Menyae bena, Yehowa le anyigba la tsɔ ge na mi, ŋɔdzi, si le mia ŋu la, va lé mí, eye anyigbadzitɔwo katã de asi nua vɔvɔ̃ me.


Eye dzikpɔlawo naƒo nu kple aʋakɔ la ayi dzi agblɔ bena: Ne ŋutsua ɖe le vɔvɔ̃m, eye dzi mele eƒo o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magade vovɔ̃ lãme na nɔviawo abe eya ŋuta ene o.


Ɣemaɣi la Edom-fiawo ɖi vo, Moab-megãwo dzo nyanyanya, eye dzika tso Kanaanitɔwo katã ƒo.


Eye wogblɔ bena: Mina míatso du, eye miatu mɔ̃ kɔkɔa ɖe, si tame nato dziƒo, ne míaƒe ŋkɔ nanyɔ, bena míagakaka ɖe anyigba blibo la katã dzi o!


Ke nyea megblɔ na mi bena: Dzidzi megaƒo mi o, eye migavɔ̃ o!


Tsã la Emitɔwo nɔ afima, amesiwo nye dukɔ gã, wòsɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu abe Enakitɔwo ene.


Ne abu le wò dzi me be: dukɔ siawo sɔ gbɔ wum, aleke mate ŋu anyã wo hã la,


Negbe ati, siwo nènya be, womeɖua woƒe tsetse o la, ko nagblẽ, eye nalã wo atsɔ tɔ kpɔ ɖe du, si le aʋa wɔm kpli wò la ŋu, vaseɖe esime naɖu edzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite