Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye mieli liʋĩliʋĩ le miaƒe agbadɔwo me gblɔ bena: De Yehowa lé fu mí, eyata wòkplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi, bena wòatsɔ mí ade asi na Amoritɔwo, ne woatsrɔ̃ mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Wolĩ liʋĩliʋĩ le woƒe agbadɔwo me hegblɔ be, “Yehowa melɔ̃ mí o; ekplɔ mí tso Egipte be Amoritɔwo nawu mí.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:27
8 Referans Kwoze  

ne anyigba, si dzi nè-kplɔ mí tsoe la, magagblɔ be: Esi Yehowa mekpe be, wòakplɔ wo ayi anyigba, si ŋugbe wòdo na wo la dzi o, eye esi wòlé fu wo ta wòkplɔ wo ɖo, be wòawu wo le gbedzi;


woli liʋiliʋi le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Yehowa ƒe gbe o.


Nukata gɔ̃ Yehowa kplɔ mí va anyigba sia dzi, bena míatsi yi nu, eye mia srɔ̃wo kple mia viwo nazu aboyonu? Ne míagbugbɔ ayi Egipte la, ɖe manyo na mí awu oa?


elabena mevɔ̃ wò, esi nènye ame sẽŋuta ŋuti, ètsɔa nusi mèda ɖi o, eye nèŋea nusi mèƒã o.


Ke amesi xɔ talento ɖeka la hã va gblɔ bena: Aƒetɔ, menya wò bena, ame sesẽ nènye, èŋea nu le afisi mè ƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afisi mèwu nu ɖo o,


eye dukɔ la ƒo nu le Mawu kple Mose ŋu bena: Nukata miekplɔ mí tso Egipte, be míaku le gbedzi? Elabena abolo kple tsia ɖeke mele afisia o, eye nuɖuɖu vlo sia le ŋu nyɔm na mí.


Eye Mose gblɔ bena: Fiẽ la Yehowa ana lã mi miaɖu, eye ŋdi la ana abolo nu miedu aɖi ƒo, elabena Yehowa se liʋĩliʋĩ, si mieli ɖe eŋu la, ke miawo la amekawo míenye? Menye mía ŋu mieli o, ke boŋ Yehowa ŋue mieli.


eye Israel-viwo gblɔ na wo bena: Ɖe Yehowa na míeku le Egipte-nyigba dzi, afisi míebɔbɔ nɔ miaƒe lãzewo dome, eye míeɖua abolo ɖia ƒo la, ne nyo wu esi miekplɔ mí va gbe sia dzi, bena dɔ nawɔ ameha blibo sia woaku!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite