Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ale mede se na mi ɣemaɣi le nusiwo katã miawɔ la ŋu enye si.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Le ɣe ma ɣi me la, megblɔ nu siwo katã wòle be miawɔ la na mi.”

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:18
9 Referans Kwoze  

Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


alesi nyemegbe naneke, si nyo na mi la, takaka na mi o; eye mefia nu mi le gaglãgbe kple tso aƒe me yi aƒe me,


miaha wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.


Lé nya, siwo katã megblɔ na wò la me ɖe asi, eye naɖo to wo, bena wòanyo na mia kple megbewòviwo tegbee, le esi nèwɔ nusi nyo, eye wòdza le Yehowa, wò Mawu, ŋku me ta.


eye nawɔ ɖoɖo kple se, siwo meɖe na wò egbea la dzi, bena wòanyo na wò kple megbewòviwo, eye nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, le na wò ge la dzi tegbee.


Kpɔ ɖa, mena ɖoɖo kple sewo mi, abe alesi Yehowa, nye Mawu, ɖe wo nam ene, bena miawɔ wo dzi le anyigba, si dzi va ge míala axɔe la dzi.


Ɖe seawo kple ɖoɖoawo me na wo, eye nafia mɔ, si woato kple nusi woawo la wo.


bena woadrɔ̃ ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko woatso va gbɔwò; ke nya kpotokpotoewo la woa ŋutɔwo nadrɔ̃e. Ale naɖe agba le ɖokuiwò dzi, eye woaxɔ na wò.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite