Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




5 Mose 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye metsɔ miaƒe toawo ƒe amegãwo, ŋutsu, siwo tagbɔ li na, eye ŋkɔ le wo ŋu la, ɖo amegãwo ɖe mia nu, ɖe ame akpe kple ame alafa, ɖe ame blaatɔ̃ kple ame ewo nu, eye wonɔ miaƒe toawo nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.

Gade chapit la Kopi




5 Mose 1:15
12 Referans Kwoze  

Ɖo ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo na wò toawo ɖe wò du, siwo katã Yehowa, wò Mawu, ana wò la me, eye woadrɔ̃ ʋɔnu dukɔ la ɖe teƒe.


Eye eya ke ɖo amea ɖewo wonye apostolowo, eye amea ɖewo hã nye nyagblɔɖilawo, eye amea ɖewo hã nye nyanyuiegblɔlawo, eye amea ɖewo hã nye kplɔlawo kple nufialawo,


Tete Saul gblɔ na eƒe dɔla, siwo tsi tre ƒo xlãe la bena: Mi Benyamin-viwo, misee! Ɖe Isai vi la atsɔ agblewo kple weinbɔwo na mi katã? Eye ɖe wòaɖo mi katã amegãwoe ɖe ame akpe kple ame alafa nu,


Tsɔ notsi babla lalã ewo siawo yi na ame akpe ƒe amegã, eye bia nɔviwòwo be, woli sesĩe mahã? Eye xɔ dzesi tso wo gbɔ vɛ!


Atsɔ wo ado amegãwo ɖe ame akpe kple ame blaatɔ̃ nu na eɖokui, woaŋlɔ agble nɛ, eye woaŋe nu nɛ, woatu aʋawɔnuwo ne, eye woawɔ tasiaɖam ŋu nuwo nɛ.


Eye Mose do dɔmedzoe ɖe aʋakplɔla, siwo wotso ɖo ame akpewo kple ame alafawo nu, amesiwo gbɔ tso aʋa la ŋuti.


Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, amesiwo nye ta le wo fofowo ƒe aƒe nu la, kpe ɖe mia ɖokui ŋu.


Tete mieɖo ŋu nam be: Nya, si negblɔ la nyo, ne woawɔ.


Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi bena: Mibia nya ta mia nɔviwo se, eye midrɔ̃ ʋɔnu na amesiame kple nɔvia kpakple amedzro nyuie.


Eye wògblɔ na Mose bena: Lia toa va Yehowa gbɔ, wò ŋutɔ kple Aron, Nadab kple Abihu kpakple Israel-me tsitsiawo dome ame blaadre, eye míado gbe ɖa le adzɔge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite