Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 9:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mose ɖo ŋu na wo bena: Milala, ne mase se, si Yehowa ade nam.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Mose gblɔ na wo be yeabia nya Yehowa tso woƒe xaxa la ŋuti.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 9:8
19 Referans Kwoze  

Yehowa, na míakpɔ wò amenuveve, eye na wò xɔname mi!


Eye Mose tsɔ woƒe nya la va Yehowa ŋku me.


Elabena nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofiã eyome mɔ la, etso abolo ɖe asi,


Elabena nyemenya naneke le ɖokuinye ŋuti o, ke menye eyata wotso afia nam o, ke Aƒetɔ lae nye amesi drɔ̃ ʋɔnum.“


Elabena nyemegbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo blibo la katã gbɔgblɔ fia mi o.


elabena nya, siwo netsɔ nam la, metsɔ wo na wo, eye woxɔ wo, eye wonyae vavã bena, gbɔwò medo go tso, eye woxɔe se bena, wòe dɔm ɖa.


Ne amea ɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu me wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.


Amevi, metsɔ wò ɖo dzɔla na Israel ƒe aƒe la be, ne èse nyaa ɖe tso nunye me la, naxlɔ̃ nu wo nam.


ke boŋ gblɔ nye nyawo na wo, wosee o, womeɖasee o; elabena ƒome sẽto wonye.


Yehowa bɔa ha kple amesiwo vɔ̃nɛ la, eye wònana wonyaa eƒe nubabla.


Miele asi ɖe ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne míakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi! Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o! Etsɔ la miho ɖe wo ŋu. Yehowa li kpli mi!


Ke Mose gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o, milé dzi ɖe ƒo, eye miakpɔ, alesi Yehowa le mia ɖe gee egbe; elabena Egiptetɔ, siwo kpam miele egbea la, miegale wo kpɔ ge alea gbeɖegbeɖe akpɔ o.


Mose ɖo ŋu na toa bena: Dukɔ la va gbɔnye, be woabia nu Mawu.


eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Eye wolée da ɖi, elabena womenya nusi woawɔe la gobi o.


Eye wolée da ɖi, vaseɖe esime woadi nyaa ɖe ato na wo, alesi Yehowa agblɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite