Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke ŋutsua ɖewo gblẽ kɔ ɖo ɖe ame kukuwo ŋu, eye womete ŋu ɖu ŋutitotoŋkekenyuie la gbemagbe o. Ŋutsu siawo va Mose kple Aron gbɔ le ŋkeke ma dzi,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ke wo dometɔ aɖewo mete ŋu ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la gbe ma gbe o, elabena wo dometɔ aɖewo gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo le ame kuku aɖe ta. Ale wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,

Gade chapit la Kopi




4 Mose 9:6
16 Referans Kwoze  

Eye wotsi tre ɖe Mose kple nunɔla Eleazar, amegãwo kpakple ha blibo la ŋku me le, Mawu ƒe agbadɔ la nu hegblɔ bena:


Mose ɖo ŋu na toa bena: Dukɔ la va gbɔnye, be woabia nu Mawu.


Ne amea ɖe de asi amesi wowu kple yi alo ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu le gbe me la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.


Ne amea ɖe de asi ame kuku ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre.


De se na Israel-viwo be, woaɖe anyidzelawo, afuɖɔlawo kple amesiwo gblẽ kɔ ɖo le ame kuku ŋu la ɖa le asaɖa la me.


Azɔ wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ heyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, eye fɔŋli ti, ke woa ŋutɔwo meyi de ʋɔnudrɔ̃ƒe la, bena yewomagagblẽ kɔ ɖo o, ke boŋ bena yewoate ŋu aɖu ŋutitoto la.


Eye ŋutsu, si ŋu kɔ la, natsɔ isop ade tsi la me awu ɖe agbadɔ la, eme nuwo katã kple amesiwo katã de afima la ŋu; alea woawui ɖe amesi de asi ameƒu alo amesi wowu, ame kuku alo yɔdo ŋu la hã ŋui.


Eye wodrɔ̃a ʋɔnu na dukɔ la ɣesiaɣi, negbe nya veviwo ko wotsɔna vaa Mose gbɔe, ke nya kpotokpotoewo katã la woawo ŋutɔ drɔ̃nɛ.


Eyata ɖo to nye gbe, ne maɖo aɖaŋu na wò, eye Mawu akpe ɖe ŋuwò. Na dukɔ la nu le Mawu gbɔ, eye natso woƒe nyawo aɖo Mawu ŋku me.


Eye Mose tsɔ woƒe nya la va Yehowa ŋku me.


Eye amesiwo kpɔe wole nakea fɔm la, kplɔe va Mose kple Aron kpakple ha blibo la gbɔ.


Eye Israel-nyɔnu la ƒe viŋutsu la ƒo ti de ŋkɔ kɔkɔe la, eye wòdo ɖiŋu nɛ; tete wokplɔe va Mose gbɔe. Dada ŋkɔ nye Selomit, amesi nye Dibri vinyɔnu, tso Dan-to la me.


Eya mekpɔ mɔ ava ame kukua ɖeke gbɔ o, eye magblẽ kɔ ɖo ɖe fofoa alo ɖada ŋu gɔ̃ hã o.


eye wogblɔ nɛ bena: Miegblẽ kɔ ɖo ɖe ame kuku ŋu. Nukaŋuti miekpɔ mɔ atsɔ vɔsa vɛ na Yehowa akpe ɖe Israel-viwo ŋu le ɣeyiɣi la dzi o?


Se la enye si: Ne ame ku le agbadɔa ɖe me la, ekema amesi va agbadɔa me kple nusiwo katã le agbadɔa me la, ŋu mekɔ o ŋkeke adre.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite