Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 9:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Womagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã ƒua ɖeke hã o. Woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la ɖe ɖoɖo, siwo katã le eŋu la nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

12 Mele be woagblẽ nuɖuɖu la ƒe ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye womagbã alẽvi la ƒe ƒu aɖeke o. Woazɔ ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu ƒe sewo nu pɛpɛpɛ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 9:12
7 Referans Kwoze  

Elabena nusiawo va ve me, bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Wo-mele eƒe ƒua ɖeke ŋe ge o!“


Xɔ ɖeka me woaɖui ale; migatsɔ lã la ƒe ɖeke do go le xɔ me ɖe xexe o, eye migagbã eƒe ƒua ɖeke o.


Migagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o, eye esi tsi anyi ŋu ke de dzi la, mitɔ dzoe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron bena: Esia enye ŋutitotoŋkekenyuie la ŋu ɖoɖowo: Amedzroa ɖeke mekpɔ mɔ aɖui o.


Miaɖui ɖe eƒe ɣeyiɣi dzi le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi le fiẽ ɖe ɖoɖo kple se, siwo katã le eŋu la nu.


Woame lã la aɖu le zã ma me, eye woatsɔ abolo maʋamaʋã kple ama veve adoe.


Le woƒe mɔzɔzɔwo katã me la Mawu ƒe alilikpo la nɔ nɔƒe la dzi le ŋkeke me, ke edzena na Israel ƒe aƒe blibo la le zã me abe dzo ene.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite