Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 8:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ɖe Lewitɔwo le Israel-viwo dome, eye naka wo ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 “Ɖe Levi ƒe viwo ɖa le Israelvi bubuawo dome, eye nàkɔ wo ŋu to mɔ sia dzi.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 8:6
10 Referans Kwoze  

Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Azɔ la esi ŋugbedodo siawo le mía si la, lɔlɔ̃tɔwo, mina míakɔ mia ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.


Midzo, midzo, miʋu tso afima! Migaka asi nu makɔmakɔa ɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome; mi Yehowa ƒe nutsɔlawo, mikɔ mia ɖokui ŋu!


Eye wògblɔ na dukɔ la bena: Misu te vaseɖe ŋkeke etɔ̃lia dzi; amea ɖeke megado nyɔnu gbɔ o.


Na Lewi-to la nava nunɔla Aron gbɔ, bena woasubɔe.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Vinyewo, migawɔ ƒome o, elabena míawoe Yehowa fia, be mianɔ tsitre ɖe eŋku me, miawɔ eƒe dɔwo, eye mianye eƒe subɔlawo kple dzudzɔdolawo.


Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Eye Yehowa ɖa Lewi-to la ɣemaɣi, bena woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la, woawɔ subɔsubɔdɔ le Yehowa ŋku me, eye woayra ame ɖe eƒe ŋkɔ dzi, va do egbe.


Abɔbɔ nɔ anyi alolo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite