Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 8:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Lewitɔwo ɖe nuvɔ̃ ɖa le wo ɖokui ŋu, wonyã woƒe avɔwo, eye Aron; nye wo le Yehowa ŋku me, eye wòlé avu na wo, be wo ŋu nakɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

21 Levi ƒe viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu, eye wonya woƒe awuwo. Aron to tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me tsɔ wo na Yehowa. Ewɔ avuléle ƒe wɔnawo ɖe wo ta hekɔ wo ŋuti.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 8:21
10 Referans Kwoze  

Ale nawɔ na wo ákɔ wo ŋu enye si: Wu tsi, si ɖea nuvɔ̃ ɖa la, ɖe wo ŋuti, eye wòalũ fu le wo ŋuti katã, emegbe woanyã woƒe avɔwo, eye woakɔ wo ɖokui ŋu.


Amesi ŋu kɔ la, nawui ɖe amesi ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, emegbe wòanyã eƒe avɔwo, eye wòalé tsi, ekema eŋu kɔ le fiẽ.


Emegbe Lewitɔwo nava, bena woawɔ dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me. Ale naka wo ŋu anyẽ wo enye si.


Eye wòatsɔe aɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi, ekema eŋu ko; gake ne meɖe nuvɔ̃ ɖa le eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃lia kple ŋkeke adrelia dzi o la, ekema eŋu meka o.


Nye ŋutɔe ɖe Lewitɔwo le Israel-vi bubuawo dome ɖe ŋgɔgbevi, siwo ʋu ɖɔ nu na wo dada la teƒe, bena Lewitɔwo nanye tɔnye le Israel-viwo dome.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Yi dukɔ la gbɔ, eye nana be, woadzra wo ɖokui ɖo dzadzɛ egbe kple etsɔ, eye wòanya woƒe avɔwo,


Eye Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe ha blibo la wɔ nenema: alesi Yehowa de se na; Mose le Lewitɔwo ŋu ta, nenema Israel-viwo wɔ na wo.


Emegbe Lewitɔwo yi, bena woawo dɔ le Mawu ƒe agbadɔ la me le Aron kple viaŋutsuawo ŋku me. Alesi Yehowa de se na Mose le Lewitɔwo ŋu la, nenema wòwɔ na wo.


Eye nunɔla, si le nua wɔm la, nakplɔ amesi ŋu kɔm wole la, akpe ɖe nuawo ŋu aɖo Yehowa ŋku me le Mawu ƒe agbadɔ la nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite