Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 8:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ƒo nu kple Aron, eye nagblɔ nɛ bena: Ne èɖo akaɖigbɛawo ati dzi la, ekema akaɖigbɛ adreawo nabi aɖo ta ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 “Ƒo nu na Aron, eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ne ètsɔ akaɖi adreawo da ɖe akaɖiti la dzi la, ele be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖiti la ŋgɔ.’ ”

Gade chapit la Kopi




4 Mose 8:2
19 Referans Kwoze  

Emegbe nawɔ akaɖigbɛ adre ada ɖe wo dzi, eye woabi aɖo ta ŋgɔ.


Eye dzikedzowo kple dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo do tso fiazikpui la me. Eye dzokakati adre le bibim le fiazikpui la ŋgɔ, woawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo;


Ɣletivi adre, siwo nèkpɔ le nye nuɖusi me kple sikakaɖiti adre la ƒe nya ɣaɣla enye si: Ɣletivi adreawoe nye hame adreawo ƒe dɔlawo, eye akaɖiti adreawoe nye hame adreawo.


Eye metrɔ be, makpɔ gbe, si ƒo nu kplim la. Eye esi metrɔ la, mekpɔ sikakaɖiti adre,


Eye nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mia si, eye miewɔe nyuie bena, míekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me;


Kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la, li gbɔna ɖe xexea me.


Miawoe nye xexeame ƒe kekeli Du, si le to dzi la, womate ŋu aɣlae o.


Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.


Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.


Wòatsɔ akaɖigbɛawo aɖo sikakaɖiti la dzi, bena woano bibim le Yehowa ŋku me ɖaa.


eye wòfɔ akaɖigbɛawo do edzi le Yehowa ŋku me, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Emegbe wòtsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖigbe adre, ɖovulãnuwo kple ganu suewo kpe ɖe eŋu.


Mitrɔ ɖe nufiame kple ɖaseɖiɖi la ŋu! Ne womegblɔ alea o la, ekema agu medze na wo o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Aron wo nenema, eye wòɖo akaɖigbɛawo atia dzi le ŋgɔgbe gome, abe alesi Yehowa de se na Mose ene:


sikakaɖiti la kple eŋu kaɖigbɛawo, siwo wodo ɖe agbaka nu, eŋu nuwo katã kple akaɖimemi,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite