Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke metsɔ ɖeke na Kehai viwo o, elabena woƒe dɔe nye be, woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 7:9
9 Referans Kwoze  

Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o.


Eye wòva me, ne Yehowa ƒe aɖaka la tsɔlawo ɖe afɔ zi ade la, etsɔa nyitsu ɖeka kple nyivi dami ɖeka sa vɔe.


Woƒe dɔe nye be, woakpɔ aɖaka la kple kplɔ la, akaɖiti la, vɔsamlekpuiwo kple kɔkɔeƒe la me nuwo kpakple xɔmetsovɔ la kple nu bubuawo dzi.


eyata Lewi-viwo hã megale nɔƒe la kple eƒe nuwo katã tso ge azɔ o; —


Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la.


Esi wova Naxon ƒe lugbɔƒe la, Usa do asi ɖa lé Mawu ƒe aɖaka la, elabena nyiawo dze ɖe aga.


Eye Israel-ame tsitsiwo katã kple nusiawo ɖatsɔ aɖaka la.


Woɖa Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeyea ɖe me, eye wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi la me, eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite