Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 7:89 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

89 Ne Mose yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me, bena yeaƒo nu kplii la, ekema esea gbea ɖe tso Kerubi eveawo dome le nutsyɔnu, si le nubablaɖakaa tame la dzi: afisiae wòƒoa nu kplii le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

89 Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 7:89
15 Referans Kwoze  

Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Yehowa enye fia, dukɔwo dzo nyanyanya; ebɔbɔ nɔ Kerubiwo dzi, anyigba ʋanya.


Asaf ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe „dzogbenya ƒe ɖasediɖi“ ƒe gbe nu.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Eye wotso amiti wɔ Kerubi eve ɖe megbexɔ la me, wokɔ abɔklugui ewoewo.


Eye dukɔ la ɖɔ ame ɖo ɖe Silo woyi ɖatsɔ Yehowa Zebaot, si le Kerubiwo ta me la ƒe nubablaɖaka tso afima ve, eye Eli vi eveawo Xofni kple Pinexas kpe ɖe Mawu ƒe nubablaɖaka la ŋu.


boŋ nye ŋutɔ meƒoa nu kplii ŋku me kple ŋku me, nyemetoa adzo nɛ o, ke boŋ meɖea nuawo ŋutɔ fia nɛ, eye wòkpɔ Yehowa ƒe dzedzeme. Nukaŋuti mieva nye dɔla o, eye mieƒo nu le Mose ŋua?


Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:


Eye Yehowa yɔ Mose, eye woƒo nu kplu tso Mawu ƒe agbadɔ la me gblɔ bena:


Tete alilikpo tsyɔ Mawu ƒe agbadɔ la dzi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.


Ke Mose mete ŋu yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la me o, elabena alilikpo tsyɔ edzi, eve Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ nɔƒe la taŋ.


Eye Yehowa ƒo nu kple Mose bena:


Maɖi ava ƒo nu kpli wò le afima, eye maɖe gbɔgbɔ, si le dziwò la, ƒe ɖe ada ɖe wo dzi, bena woatso dukɔ la ƒe agba na wò ti, eye wò ɖeka matsɔe o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite