Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 7:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Woƒe nunana, siwo wotsɔ va Yehowa ŋku me la, woawo nye: tasiaɖam ade, siwo dzi wogba, kpakple nyi wuieve: amegã eve na tasiaɖam ɖeka, eye wo dome ɖesiaɖe na nyi ɖekaɖeka, eye wotsɔ wo va nɔƒe la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 7:3
7 Referans Kwoze  

Ke wò la, gblɔ nusi woawɔ la na wo! Mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte-nyigba dzi ɖe asi hena mia viwo kple mia srɔ̃wo, eye mina mia fofo hã naɖoe ava.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena:


ne woakplɔ mia nɔviwo katã tso dukɔwo katã dome aɖo sɔwo dzi kple tasiaɖam kple apakawo me kple tedzisɔwo kple kposɔwo dzi abe nuɖuvɔsa ene na Yehowa ahava Yerusalem le nye to kɔkɔe la dzi, abe alesi Israel-viwo tsɔa nuɖuvɔsa dea nu dzadzɛwo me vaa Yehowa ƒe mee ene, Yehowa ye gblɔe!


Kpɔ ɖa, mate mi ɖe to me, abe alesi tasiaɖam, si wode lubablae taŋ la, nyẽna ɖe to mee ene


Eye Israel viwo wɔ nenema, eye Yosef tsɔ tasiaɖamwo na wo le Farao ƒe nya la nu, eye wòna mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.


Gblɔ na Israel-viwo bena, woadzɔ nu nam. Midzɔ nu nam le amesiame, si lɔ̃ tso dzime faa la si.


Esime wova Yehowa ƒe aƒe, la gbɔ le Yerusalem la, aʋakɔwo; ƒe amegãa ɖewo na nu ɖe Mawu ƒe aƒe la ŋu, ne woagatui ɖe ete ƒe.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite