Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Israel-amegã, siwo nye tatɔwo le wo fofowo ƒe aƒewo nu, amesiwo nye toawo ƒe amegãwo kple amesiwo wotia xlẽ la dzikpɔlawo la, dzɔ nu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 7:2
11 Referans Kwoze  

Eye eƒe amegãwo na nu dukɔ la, nunɔlawo kple Lewi-viwo faa. Xilkiya kple Zaxarya kpakple Yexiel, amesiwo nye Mawu ƒe aƒe la ƒe amegãwo la, tsɔ alẽvi kple gbɔ̃vi akpe eve kple alafa ade kple nyi alafa etɔ̃ na nunɔlawo ɖe ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsa la ŋu.


Amegãwo tsɔ soham-kpe kple kpe xɔasiwo vɛ, bena woatsɔ aɖo kɔmewu kple akɔtaɖonu la ŋu;


Eye Mose gblɔ se, siwo katã Yehowa ɖe nɛ la, na Israel-viwo.


Ɣemaɣi la Salomo ƒo Israel-ame tsitsiwo kple toawo ƒe tatɔwo katã kpakple Israel-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo nu ƒu de fia Salomo gbɔ le Yerusalem, bena woaɖatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Dawid ƒe ɖu, si nye Zion la me vɛ.


Tete Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sikatsyɔ̃ɖonu vovovoawo le wo si.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite