Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 7:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Mose wu nɔƒe la tutu nu vɔ, eye wòsi ami ne kple eŋu nuawo katã hekɔ wo ŋu la, esi wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, eye wòkɔ wo ŋu la,

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

1 Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 7:1
15 Referans Kwoze  

Nusiwo Israel-amegãwo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, le klosalogba wuieve, klosaloze wuieve kple sikanutɔgba wuieve.


Ŋkuagbãtɔwo, kae lolo wu, nunana loo alo vɔsamlekpui, si na nunana la ŋuti kɔna, mahã?


Gbemagbe Salomo kɔ xɔxɔnu emetɔ, si le Yehowa ƒe xɔ la ŋgɔ la ŋu, elabena esa numevɔ kple nuɖuvɔ, eye wotso akpedavɔsalã ƒe amiwo sa vɔe le afima, le esi akɔblivɔsamlekpui, si le Yehowa ŋku me la, le sue akpa, eye mede numevɔsa, nuɖuvɔsa kple akpedavɔsa ƒe amiwo nu o ta.


Lã, siwo wotsɔ sa akpedavɔe, wole nyi blave vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple alẽvi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka. Ale wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ la, enye si.


Kɔ ŋgɔgbeviwo katã ŋuti nam, nusianu, si aʋu dɔ nu na dada le Israel-viwo dome, eɖanye ame alo lã o, tɔnyee.


Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti, elabena eya dzi wòdzudzɔ eɖokui le tso eƒe dɔwɔwɔ, siwo katã Mawu wɔ, eye wòna wodo la me.


Esime wole ami sim na vɔsamlekpuia la, amegãwo dzɔ nu, bena woatsɔ akɔ eŋui, eye wotsɔ nunanawo va vɔsamlekpui la ŋgɔ.


Gbesiagbe nawu nyitsu ɖeka hena nuvɔ̃ŋutivɔsa, abe avulenu ene. Eye naɖe nuvɔ̃ ɖa le vɔsamlekpui la ŋu to avulénuwo meme le edzi me, eye nasi ami ne awɔe kɔkɔe.


Eye nasi ami na tsileze la kple eƒe zɔ, eye nakɔ eŋu.


Gblɔ na nunɔla Aron viŋutsu Eleazar bena, woafɔ dzudzɔdosonuawo le dzobiƒe la, eye wòaka dzoa le wo me ɖe adzɔge.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite