Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Talũhɛ made eƒe ta le ŋkeke, siwo me wòɖe adzɔgbe heka eɖokui ŋu la o, vaseɖe esime ŋkeke, siwo wòkɔ eɖokui ŋu na Yehowa, nade hafi; ame kɔkɔe wònye, eyata wòagblẽ eƒe taɖa ɖi wòato ʋluya.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 “ ‘Le ɣeyiɣi mawo katã me la, mele be wòako ta alo alũ ge gɔ̃ hã o, elabena enye ame kɔkɔe, eye wokɔ eŋuti na Yehowa. Eya ta ele nɛ be wòagblẽ eƒe ɖa ɖi wòato ʋluyaa.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:5
9 Referans Kwoze  

Eye wòɖe adzɔgbe gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ne ekpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nena ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!


Tete wògblɔ eƒe dzime-nyawo katã nɛ bena: Talũhɛa ɖeke ɖeke medea nye ta ŋu o, elabena Mawu ƒe klue menye tso danye ƒe da me ke. Ne wolũ ta nam la, ekema nye ŋusẽ ado le ŋunye, eye magbɔdzɔ azu abe ame bubuwo katã ene.


Elabena kpɔ ɖa, èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ akpɔ o, elabena Mawu ƒe klu wòanye tso dada ƒe dɔme, eye eya ade asi Israel ɖeɖe me tso Filistitɔwo si me.


Eye wòna wòdɔ alɔ̃ ɖe eƒe ata dzi; tete wòyɔ ŋutsua ɖe vɛ wòlũ ɖakɔ adreawo le eta. Ale wòna wòde asi gbɔdzɔgbɔdzɔ me, eye eƒe ŋusẽ do le eŋu.


Esi Paulo ganɔ afima ŋkeke geɖe la, eklã nɔviawo, eye wòɖo ʋu yina Siria, eye Priskila kple Akwila kpe ɖe eŋuti; eye wolũ ta le Kenxrea, elabena eɖe adzɔgbe.


Ŋkeke, siwo katã me wòka eɖokui ŋu la, maɖu nusi wotso weintsetse eɖanye kua alo tsroa hã wòe la o.


Womegalũ ta kokoe o, ke womegana woƒe taɖa nato ʋuya o, ke boŋ woako ta wòasɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite