Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




4 Mose 6:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 ekema mano wein alo nu muamea ɖeke o, eye mano wein alo nu muame, si wotsɔ ɖo ƒãe la o, mano weintsetse me tsi o, manyi weintsetse o, eye maɖu weintsetse ƒuƒu hã o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

3 mele nɛ be wòano wain alo nu muame aɖeke alo aha sesẽ si wowɔ tso wain me alo aha si wotsɔ ɖo ƒãe o. Mano waintsetse me tsi alo aɖu waintsetse o.

Gade chapit la Kopi




4 Mose 6:3
15 Referans Kwoze  

Elabena anye gã le Aƒetɔ la ŋku me, eye mele wein alo aha sesẽ no ge o, eye Gbɔgbɔ kɔkɔe ayɔe fũ tso keke dadaa ƒe dɔ me ke.


Megano tsi ɖeɖe o, ke boŋ no wein via ɖe le wò dɔgbo kple lãmegbegblẽ enuenu la ŋuti.


Eye migamu aha, esi me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o; ke boŋ Gbɔgbɔ la nayɔ mi fũ,


Ke miena wein Mawu ƒe kluwo wono, eye miede se na nyagblɔɖilawo gblɔ be: Migagblɔ nya ɖi o!


Maɖu nusi tso weinka ŋu o, mano wein alo aha muamea ɖeke o, eye maɖu nu makɔmakɔa ɖeke o; ke boŋ woawo nusiwo katã ŋu meɖe se nɛ le la dzi.


Ne mia kple viwòŋutsuawo miele Mawu ƒe agbadɔ la me yi ge la, migano wein alo aha muamea ɖeke o, bena miagaku o. Ɖoɖo mava wòanye na miaƒe dzidzimeviwo.


Miɖe mia ɖokui ɖa tso vɔ̃ sia vɔ̃ ƒomevi me!


Ke mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o;


nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Ŋkeke, siwo katã me wòka eɖokui ŋu la, maɖu nusi wotso weintsetse eɖanye kua alo tsroa hã wòe la o.


Eyata kpɔ nyuie, ne màgano wein alo aha muamea ɖeke o, eye megaɖu nu makɔmakɔa ɖeke o!


Eye meɖo nyagblɔɖilawo tso miaƒe ŋutsuviwo dome kple Mawu ƒe kluwo tso miaƒe ɖekakpuiwo dome Israel-viwo, Yehowa be, ɖe mele alea oa?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite